HADZIDZI 98
Ŋɔŋlɔawo—Wotso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me
Tatatɔ
1. Ma’u ƒe Nya la nye akaɖi
Fiaa mɔ mí viviti me.
Ne míewɔa eŋu dɔ nyuie la,
Míakpɔ ablɔɖe vavã la.
2. Yehowa gbɔe Ŋɔŋlɔawo tso,
Fiaa mí eƒe se nyuiawo.
Wonyo na nuwo ɖɔɖɔ ɖo,
Woʋãa mí na dɔ nyui wɔwɔ.
3. Míetoa Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo dzi
Nyana be Mawu lɔ̃ mí.
’Ya ta míaxlẽ wo ɣesiaɣi,
Be míanɔ agbemɔ la dzi.
(Kpɔ Ps. 119:105; Lod. 4:13 hã.)