INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • scl axa 120-122
  • Yometiti

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yometiti
  • Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo
Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo
scl axa 120-122

Yometiti

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nakpɔ mɔ be woati yewo yome?

Mt 10:22; Yh 15:​19-21; 16:​2, 3; 2Ti 3:12

Nu ka tae wòle be míabia Yehowa be wòado ŋusẽ mí ne wole mía yome tim?

Ps 55:22; 2Ko 12:​9, 10; 2Ti 4:​16-18; Heb 13:6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 19:​1-18—Esi woti nyagblɔɖila Eliya yome la, edo gbe ɖa na Yehowa vevie eye Yehowa do ŋusẽe hefa akɔ nɛ

    • Dw 7:​9-15—Esi Yosef nɔviŋutsuwo ti eyome la, Yehowa nɔ kplii eye wòxɔ nɛ; emegbe Yehowa to Yosef dzi ɖe eƒe ƒomea

Nu siwo amewo wɔna tsɔ tia mía yome dometɔ aɖewo ɖe?

Woɖua fewu le mía ŋu

2Kr 36:16; Mt 5:11; Dw 19:9; 1Pe 4:4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Fi 18:​17-35—Asiria fia ƒe nyanuɖela Rabsake dzu Yehowa eye wòɖu fewu le Yehowa ƒe ame siwo le Yerusalem ŋu

    • Lk 22:​63-65; 23:​35-37—Yesu yometilawo ɖu fewu le eŋu eye wodo ŋukpee esime wolée kple esime wohee ɖe fuwɔametia ŋu

Míaƒe ƒometɔwo tsia tre ɖe mía ŋu

Mt 10:​21, 35, 36

Woléa mí eye wokplɔa mí yia dziɖuɖumegãwo ŋkume

Mt 10:18; Mr 1:14; Lk 20:20; 21:12; Dw 5:18; 8:3; Nyɖ 2:10

Woƒoa mí

Mt 27:​29, 30; Yh 19:1; Dw 5:40; 16:​22, 23; 2Ko 11:​23-25

Nuvlowɔhawo dzea mía dzi

Lk 4:​28, 29; Dw 14:19; 17:5

Wowua mía dometɔ aɖewo

Mt 24:9; Dw 12:​1, 2

Aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nui ne woti wo yome?

Mt 5:44; Dw 16:25; 1Ko 4:​12, 13; 1Pe 2:23

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 7:57–8:1—Esi ameha aɖe si dome Saul si tso Tarso hã nɔ la nɔ kpe ƒum Stefano wòɖo kudo nu la, Stefano ɖe kuku na Yehowa be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃ ake wo

    • Dw 16:​22-34—Togbɔ be woƒo apostolo Paulo, bɔ pãe eye wodee gaxɔ me hã, enyo dɔme na gaxɔdzikpɔlaa eye esia wɔe be gaxɔdzikpɔlaa kple eƒe aƒemetɔwo katã va zu Kristotɔwo

Nu kae dzɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔ aɖewo dzi?

Dw 7:​52, 54, 60

Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ne woti mía yome?

Dw 5:41; Flp 1:​27-29; Heb 11:​24-26

Aleke mɔkpɔkpɔ si le mía si ku ɖe etsɔme ŋu doa ŋusẽ mí ne wole mía yome tim?

Mt 10:​28, 29; Heb 11:​35-40

Kpɔ Flp 3:​8, 10, 11; Nyɖ 2:10 hã

Nu ka tae mele be míaɖe mɔ yometiti nawɔe be ŋu nakpe mí, dzi naɖe le mía ƒo, míavɔ̃ alo adzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o?

Ps 56:​1-4; Dw 4:​18-20; 2Ti 1:​8, 12

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 32:​1-22—Esi Fia Senakerib kplɔ aʋakɔ gã aɖe gbɔna Yerusalem tsrɔ̃ ge la, Fia Hizkiya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòdo ŋusẽ dukɔ la; Yehowa ɖe wo

    • Heb 12:​1-3—Yometilawo dze agbagba be yewoado ŋukpe Yesu gake mena woƒe nuwɔnawo wɔe be ŋukpee o eye dzi hã meɖe le eƒo o

Ne woti mía yome la, nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme?

Ne míedo dzi le yometitiwo me la, ekɔa Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu eye wòdoa dzidzɔ nɛ

1Pe 2:​19, 20; 4:​12-16

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 1:​6-22; 2:​1-10—Hiob menya be Satana gbɔe yeƒe xaxawo tso o gake eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Esia kɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu eye wòɖee fia be Satana nye alakpatɔ

    • Da 1:7; 3:30—Nuteƒewɔla Hananiya, Misael kple Azariya (Sadrak, Mesak kple Abednego) lɔ̃ faa be yewoaku tsɔ wu be yewoagbe toɖoɖo Yehowa, esia na trɔ̃subɔla Fia Nebukadnezar kafu Yehowa

Yometiti ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖi ɖase

Lk 21:​12, 13; Dw 8:​1, 4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 11:​19-21—Esi yometiti na Kristotɔwo kaka yi teƒeteƒewo la, wotsɔ nya nyuia yi teƒe mawo

    • Flp 1:​12, 13—Apostolo Paulo kpɔ dzidzɔ be yeƒe gaxɔmenɔnɔ na ame geɖe se nya nyuia

Ne míedo dzi le yometitiwo me la, edoa ŋusẽ mía nɔvi Kristotɔwo

Flp 1:14; 2Te 1:4

Zi geɖe la, ame kawo koŋue nana wotia mía yome?

Yr 26:11; Mr 3:6; Yh 11:​47, 48, 53; Dw 25:​1-3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 19:​24-29—Le Efesoa, ame aɖewo siwo wɔa trɔ̃wo dzrana la do dziku ɖe Kristotɔwo ŋu vevie elabe wobui be woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ava gblẽ asi na yewo eya ta woti wo yome

    • Ga 1:​13, 14—Hafi Paulo (si nye Saul) nava zu Kristotɔa, dzo si nɔ eme ɖe Yudasubɔsubɔ ŋu na wòti Kristotɔwo yome vevie

Ame ka koŋue nana wotia Yehowa subɔlawo yome?

1Pe 5:8; Nyɖ 12:17

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe