INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • scl axa 109-110
  • Trenɔnɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Trenɔnɔ
  • Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo
Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo
scl axa 109-110

Trenɔnɔ

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be trenɔnɔ nye nunana?

Mt 19:​10-12; 1Ko 7:​7, 37, 38

Nu ka tae masɔ be woaƒoe ɖe Kristotɔ tre aɖe nu be wòaɖe srɔ̃ o?

1Ko 7:​28, 32-35; 1Te 4:11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ro 14:​10-12—Apostolo Paulo na míekpɔe be mele be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m mía nɔvi Kristotɔwo o

    • 1Ko 9:​3-5—Apostolo Paulo ate ŋu aɖe srɔ̃ hafi, gake esi wònɔ tre ta la, ete ŋu wɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me

Ðe wòle be trewo nasusui be ele be yewoaɖe srɔ̃ hafi ate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe mea?

1Ko 7:8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ʋɔn 11:​30-40—Yefta vinyɔnua meɖe srɔ̃ o, gake ete ŋu subɔ le avɔgbadɔa me le eƒe agbe me katã

    • Dw 20:35—Togbɔ be Yesu meɖe srɔ̃ o hã, eƒe nyawo ɖee fia be ekpɔ dzidzɔ geɖe le nu siwo wòwɔ na ame bubuwo ta

    • 1Te 1:​2-9; 2:12—Apostolo Paulo si nye tre la gblɔ ale si gbeƒãɖeɖedɔa na wòkpɔ dzidzɔ geɖe, elabe ete ŋu kpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wova nya Yehowa

Nu ka tae wòle be trewo nanɔ agbe dzadzɛ abe mawusubɔla bubuwo ke ene?

1Ko 6:18; Ga 5:​19-21; Ef 5:​3, 4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 7:​7-23—Fia Salomo gblɔ nu si dzɔ ɖe ɖekakpui aɖe dzi esi ɖekakpui sia ɖe mɔ nyɔnu gbolo aɖe blee de gbɔdɔdɔ manɔsenu me

    • Haw 4:12; 8:​8-10—Wokafu Sulam ɖetugbuia ɖe eƒe agbe nyui nɔnɔ ta

Nɔnɔme kawoe ate ŋu ana tre aɖe nabu srɔ̃ɖeɖe ŋu?

1Ko 7:​9, 36

Kpɔ 1Te 4:​4, 5 hã

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe