HADZIDZI 161
Wò Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Doa Dzidzɔ Nam
1. Esi Viwòa do tso Yordan me
Eye wòse wò nyawo la,
Wò lɔlɔ̃ nɛ ʋãe tso dzi me be
Wòtsɔ eɖokui na faa.
Mena ta le tetekpɔ me o,
Ke eʋli wò ŋkɔ la ta.
Elɔ̃ subɔ wò kple dzi blibo;
Emae nye hã mawɔ ɖaa.
(HAXE)
Wò lɔlɔ̃nu doa dzidzɔ nam!
Malɔ̃ wò kple ŋusẽ katã.
Dzidzɔ vavã ye mekpɔna.
Mazɔ kekelia me ɖaa.
Wò lɔlɔ̃nu doa dzidzɔ nam!
Nu nyuiwo sɔŋ mekpɔa mɔ na.
Lɔlɔ̃ vavã ye nèɖe fiam.
’Ya ta makafu wò ɖaa.
Edzɔa dzi nam!
2. Yehowa, èna medze si wò;
Esia nye dzidzɔ blibo nam.
Dzi dzɔam be menye wò Ðasefo
Ðea gbeƒã wò nyateƒea.
Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye nam be
Mawɔ dɔ kple nɔviwo
Eye be wò ŋkɔ nanɔ ŋunye.
’Ta mawɔe kple dzi blibo.
(HAXE)
Wò lɔlɔ̃nu doa dzidzɔ nam!
Malɔ̃ wò kple ŋusẽ katã.
Dzidzɔ vavã ye mekpɔna.
Mazɔ kekelia me ɖaa.
Wò lɔlɔ̃nu doa dzidzɔ nam!
Nu nyuiwo sɔŋ mekpɔa mɔ na.
Lɔlɔ̃ vavã ye nèɖe fiam.
’Ya ta makafu wò ɖaa.
Edzɔa dzi nam!
Wò lɔlɔ̃nu dzɔa dzi nam!