Ele Sue Gake Ŋusẽ Le Eŋu
ROBERT, ɖekakpui aɖe si tso Canada, tsa le Europa katã nɔ tameɖoɖo si le eƒe agbe ŋu dim. Ekpɔ nu geɖe siwo na dzi ɖe le eƒo ɖe etsɔ me ŋu.
Esi wòbɔbɔ nɔ ahanoƒe aɖe le Seville, Spania la, ame aɖe na trakt aɖe si Yehowa Ðasefowo ta lae. Tsã la, Robert kea ɖi le mawusubɔsubɔnyawo ŋu. Egblɔ be: “Gake mexlẽe. Nyemete ŋu se egɔme o, gake mekpɔe be nunya le eme. Le nye mɔzɔzɔwo me la, mekpɔ amegbetɔ ƒe blanuiléle kple anyidzedze ƒomevi geɖe, eye alesi nyemate ŋu atrɔ nɔnɔmeawo o la ɖe dzi le ƒonye. Esi mexlẽ trakt la vɔ la, mebia ɖokuinye be, ‘Ðe “xexeme yeye” sia ate ŋu avaa?’ Emegbe mesusui be, ‘Ẽ, ɖewohĩ ate ŋu ava.’”
Esi mɔkpɔkpɔ gaɖo Robert me la, eŋlɔ agbalẽ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Canada hebia be ne yetrɔ yi aƒe la, ame aɖe nava srã ye kpɔ akpe ɖe ye ŋu be yease Biblia me nyawo gɔme.
Ðikeke mele eme o be ŋusẽ nɔa nya si wogblɔ kple nu ŋu. Gake mègabu nya si wota ƒe ŋusẽ nu tsɛe gbeɖe o. Eɖanye aleke agbalẽ siwo me nya wotu ɖe Biblia dzi le sue o, edzroa ame vevie. Wokpɔa ŋusẽ ɖe susu kple dzi dzi henaa etsɔ me mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le sua ame si.—Hebritɔwo 4:12.