“Nyemekpɔ Nusia Tɔgbe Kpɔ O!”
WOBIA tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ ƒe dɔwɔƒe si le Argentina si le ƒe 1993 me be wòaɖo ame akpe ɖeka ɖe Santiago, Chile, bene woade Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkeke ene “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe. Esiae nye zi gbãtɔ si wokpe Ðasefo Argentinatɔwo be woazɔ mɔ le ha gã me ade takpekpe le duta.a Aleke wowɔ nui? Amesiwo wu 8,500 ɖo mɔbiagbalẽwo ɖa, eye wotia ame 1,039 le wo dome.
Woda bɔsu 14 be woazɔ kilometa 1,400 ƒe mɔ sia tso Buenos Aires ayi Santiago. Nukpɔkpɔ dodzidzɔnamewo na gaƒoƒo 26 mɔzɔzɔa gavivi ɖe edzi wu. Takpekpeyilawo to Aconcagua-to si kɔkɔ meta 6,960 gbɔ esi wonɔ Andes Toawo si nye to kɔkɔtɔ le anyigba la ƒe Ɣetoɖoƒekpa Dzi liam. Nu vevitɔ si womaŋlɔ be o ye nye abu gã gɔdɔ̃ si woɖi yi Chile. Woƒo asikpe na ʋukulaawo kplokplokplo le alesi wote ŋu ku ʋuawo to mɔ sesẽ mawo dzii ta!
Gake takpekpea ŋutɔ mee nukpɔkpɔ si dze ani wu nɔ. Le xexe si me dukɔwo lé fu wo nɔewo eye nyaʋiʋli le ameƒomeviwo dome la, aleke wòhefaa akɔ na ame enye si be woakpɔ ameha 80,000 siwo tso dukɔ 24 me nawɔ ɖeka le takpekpea me—dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔe wonye vavã! Esi ʋukula aɖewo kpɔ ɖekawɔwɔ si le takpekpea valawo dome la, woɖe ɖetsɔleme fia be yewodi be yewoasrɔ̃ nu geɖe le Yehowa Ðasefowo ŋu. Wo dometɔ ɖeka do ɣli be: “Nyemekpɔ nusia tɔgbe kpɔ o!”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Se siwo dziɖuɖua de le Argentina tso ƒe 1949 vaseɖe 1982 me wɔe be esia manya wɔ o.