Ga Siwo Dzi Mawu Ƒe Ŋkɔ Le
LÉ ŊKU ɖe klosaloga siwo le afisia la ŋu nyuie. Germania-dziɖula Wilhelm V ye tso wo le eƒe dziɖuɣi tso ƒe 1627 vaseɖe 1637 me. Ɣemaɣi la, Ƒe Blaetɔ̃ʋa si ɖo Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo dome dzɔ le Europa. Wilhelm V de Protestanttɔwo dzi. Be wòakpɔ ga gbogbo si woagblẽ ɖe aʋawɔwɔa ŋu la, elɔ eƒe klosalowo katã hetso gae.
Enya se ŋutɔ be ɣe si wota wòƒo xlã Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa si le Hebrigbe me Ŋɔŋlɔdzesi Ene siwo tsi tre ɖi na Mawu ƒe ŋkɔ, mee nɔnɔmetata siwo le ga geɖe dzi la le. Deti si fia ŋusẽ hã le wo dzi. Nusi wòfiae nye be togbɔ be ya ƒo atia wòbi hã la, Mawu ƒe takpɔkpɔ lée ɖe te. Ŋkɔ Yehowa si le Latingbe me dze le ga la dzi eye wòɖe kakaɖedzi si le eƒe ametakpɔkpɔ ŋu fia.
Le esi teƒe be wòanye Mawu ƒe takpɔkpɔ biabia la, Mawu ƒe ŋkɔ zazã nenema nye toflokowo ƒe tofloko, elabena Yehowa medea nu ameƒomea ƒe nyaʋiʋli dziŋɔwo me o. Le nyateƒe me la, Ƒe Blaetɔ̃ʋa la mate ŋu adze Mawu ŋu o. Funk & Wagnalls New Encyclopedia gblɔ be: “Akɔnta si wobu ŋuɖɔɖotɔe fia be Germaniatɔwo ƒe afã ya teti ku le aʋa la me. Germaniatɔwo ƒe dugã, duvi, kɔƒe, kple agblekɔƒe gbogbo aɖewo tsrɔ̃ keŋkeŋ. Wobui be Germaniatɔwo ƒe mɔ̃ɖaŋu, agbledede, kple asitsatsa ƒe dɔwɔnuwo ƒe akpa evelia le etɔ̃ me gblẽ gbidii.”
Ŋkɔ Yehowa si woŋlɔ ɖe ga siawo dzi ɖo ŋku se si wode na Israel dzi na mí be: “Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o.” (Mose II, 20:7) Ke hã la, ga siawo ɖi ɖase be Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa le nyanya na Germaniatɔwo tso gbaɖegbe ke. Aleke gbegbe nènya Mawu si tɔ ŋkɔ ma lae?