INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 6/15 axa 32
  • Nyɔnuwo Le Xexeame Godoo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyɔnuwo Le Xexeame Godoo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 6/15 axa 32

Nyɔnuwo Le Xexeame Godoo

ESI atsu kple asi gbãtɔwo dze aglã ɖe Mawu ŋu la, Yehowa gblɔ afɔku siwo atso eme na wo kple wo viwo la ɖi. Yehowa gblɔ na Xawa be: “Wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.” (Mose I, 3:16) Biblia gblɔe enuenu be míade bubu deto nyɔnuwo ŋu, eye nyɔnu miliɔn geɖe nɔa agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme geɖe le wu le esi wo kple woƒe ƒomewo tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe ta.

Gake amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ŋuti nyatakaka aɖe si do nyitsɔ laa gblɔ be woɖia gbɔ nyɔnu bubu geɖe le xexeame godoo, wotafaa wo hedaa wo ɖe anyi. Esi International Herald Tribune nɔ nu ƒom tso nyatakaka la ŋu la, egblɔ be: “Numekuku si wowɔ le dukɔ 193 me . . . gblɔ vovototo dede nyɔnuwo me kple ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu gbesiagbe si wɔ nublanui ŋutɔ la ŋuti nyatakaka siwo nye vevesese.”

Eƒe kpɔɖeŋu ʋee aɖewoe nye esi: Le titina Afrika la, ele be nyɔnuviwo nawɔ agbledɔ sesẽwo ƒe akpa gãtɔ, eye nyɔnuvi siwo dea suku nye ŋutsuvi siwo denɛ ƒe akpa etɔ̃lia ko. Le dukɔ siwo le afima dometɔ aɖe me la, se meɖe mɔ be nyɔnuwo nawɔ ahasi o gake ŋutsuwo ya wɔnɛ faa. Afrika-dukɔ bubu ƒe se mebla ŋutsu si awu srɔ̃a ne elée wòle ahasi wɔm o, gake se meɖe mɔ be nyɔnu ya nawu srɔ̃a le nya mawo tɔgbe ta o.

Nyatakaka la gblɔ be le Dziehe Amerika ƒe akpa aɖewo la, kpovitɔwo mexɔna na nyɔnu siwo wole ƒoƒom o. Eye zi geɖe la, ŋutsuwo ƒe fetu yia dzi alafa memamã 30 va ɖo 40 wu nyɔnu dɔwɔlawo tɔ.

Le Asia ƒe akpa aɖewo la, wotsoa vi na nyɔnuwo sesẽe eye wozia fuɖeɖe ɖe wo dzi. Le dukɔ aɖe me la, gbolo siwo de 500,000 sɔŋ ye li eye wo dometɔ geɖe dzila siwo le ga dim be woatsɔ aƒle woawo ŋutɔwo ƒe aƒe yeyewoe ye dzraa wo dometɔ geɖe na dɔ sia wɔwɔ. Ele be kpovitɔ siwo le dukɔ bubu me nakpe akɔ kple “amewuwu ɖe tabianuwo ta”—srɔ̃ŋutsu alo eƒe ƒometɔwo wua nyɔnua le esi ga si nyɔnua na ɖe ŋutsua ta mede esi wole mɔ kpɔm na nu o ta.

Biblia ka ɖe edzi na mí le Yesu Kristo ŋu be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.” (Psalmo 72:12-14) Eyata nusita míakpɔ mɔ na etsɔme nyuiwo la le mía si; nyɔnuwo le xexeame katã ate ŋu akpɔ mɔ na nɔnɔme nyui siwo anɔ anyi ɣemaɣi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe