INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 10/15 axa 32
  • Lɔlɔ̃e na Wowɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɔlɔ̃e na Wowɔe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 10/15 axa 32

Lɔlɔ̃e na Wowɔe

AHOSI nuteƒewɔla dɔmenyotɔ aɖe si le Canada nɔ vianyɔnuvi ene hem be woazu Kristotɔ vavãwo. Hamea me hamemegãwo kpɔe be eƒe aƒea hiã dzadzraɖo vevie. Ga alo ŋutete menɔ esi be eya ŋutɔ nawɔe o. Eyata le gɔmeɖose si le Timoteo I, 5:9, 10 dzi wɔwɔ me la, hamemegãawo wɔ ɖoɖo aɖaŋutɔe be woawɔ dɔa nɛ. Aleke wowɔe?

Wowɔ ɖoɖo be ahosia kple viawo nadzo le aƒea me ŋkeke atɔ̃. Hamea me tɔ siwo wu 80 tsɔ dzi blibo kpe asi ɖe dɔa ŋu, wodzɔ xɔtunuwo, kple ga, eye wotsɔ woƒe ɣeyiɣi na ɖe dɔa ŋu. Kaka ƒomea nado le aƒea me ko la, dɔwɔla kpɔdzidzɔwo nyè tsyɔ aƒea abe anyiwo ene. Wodzra xɔa katã ŋu ɖo. Woxe eƒe gbagbãƒewo hesi aŋɔ nɛ. Woklɔ anyigba nyuie wònya kpɔ. Woɖo anyikpe kple anyigbakuntru yeyewo. Wodzra elektrik-mɔ̃ kple akaɖiwo katã ɖo. Woɖɔ li zikpui siwo kaka gɔ̃ hã. Ŋkeke atɔ̃ pɛ ko wotsɔ dzra aƒe bliboa ɖoe keŋkeŋ!

Dzidzɔkpɔkpɔ kple dɔa wɔwɔ zu nya amewo lé ɖe nu le nutoa me. Ðasefoawo ƒe agbagbadzedze wɔ dɔ ɖe aƒelika aɖe si xɔ ƒe 80 dzi ale gbegbe be etsɔ eƒe aŋɔsiti va be yeade asi dɔa me godoo. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ɖeka ƒe dɔtɔ tsɔ dzudzɔlɔmɔ̃ na be woade dzodoƒemlekpuia ŋu. Dɔtɔ bubu hã na dzodoƒeɖaka yeyewo. Ewɔ dɔ ɖe ŋutsu aɖe dzi ale gbegbe be wòdi be yeasrɔ̃ nu geɖe le Yehowa Ðasefowo ŋu. Etsɔ dzidzɔ xɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi.

Ahosia kple vianyɔnuviawo ƒe mo wɔ yaa esi wotrɔ gbɔ. Avifafa, nukoko, kple asikpakpla kɔ na ame nɔewo xɔ teƒea kɔtɔɔ—Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple seselelãme ɖefiaɣi si womaŋlɔ be akpɔ o ye wònye. Lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme vavãtɔ ɖeɖefia hamea me tɔ siwo hiã tu la nye Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesi nyateƒe, elabena Paulo ŋlɔe be: “Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.”—Galatiatɔwo 6:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe