INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 11/15 axa 31
  • ‘Migazu Amesiwo Atsɔ Kɔkuti Tutɔ O’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Migazu Amesiwo Atsɔ Kɔkuti Tutɔ O’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 11/15 axa 31

‘Migazu Amesiwo Atsɔ Kɔkuti Tutɔ O’

NYITSU eve siwo le afisia sesẽ ale gbegbe si wɔe be wote ŋu hea agba kpekpewo bɔbɔe. Gake tsɔe be wotsɔ tedzi ɖo nyitsuawo dometɔ ɖeka teƒe. Esi tedzi le sue eye meɖo ŋusẽ de nyitsu nu o ta la, anɔ eme be adze aglã ado le ga si lée ɖe kɔkuti masɔmasɔ sia te la me. Eyata Mawu ƒe se si wòna Israel gblɔ kple susu nyui be: “Megana nyitsu kple tedzi natsaka aŋlɔ agble na wò o.”—Mose V, 22:10.

Apostolo Paulo ŋlɔ nusia tɔgbe ku ɖe amegbetɔwo ŋuti. Egblɔ be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o!” (Korintotɔwo II, 6:14) Ele be nàɖo ŋku nya sia dzi, vevietɔ ne èle kpeɖeŋutɔ tiam be yeaɖe. Srɔ̃ɖeɖe nye kadodo si anɔ anyi ɖaa, elabena Yesu Kristo gblɔ be: “Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.” (Mateo 19:6) Ne srɔ̃tɔwo ƒe dzixɔse, gɔmeɖose, kple taɖodzinuwo mele ɖeka o la, ehea vevesese geɖe vɛ. Eyata nusi me nunya le koe nye be woazɔ̃ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be woaɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la me ko’ la dzi. (Korintotɔwo I, 7:39) Ne èɖe ame aɖe si ƒe dzixɔse mesɔ kple tɔwò o la, ahe kuxi gã aɖe vɛ si asesẽ wu nyitsu kple tedzi si woda ɖe kɔkuti ɖeka te la tɔ.

Ne dzixɔsewo mele ɖeka o la, enye nu ɖeka ko si ate ŋu ana be srɔ̃tɔwo masɔ na wo nɔewo o. Anyo be amesiwo di be yewoaɖe yewo nɔewo—siwo si dzixɔse ɖeka le kura gɔ̃ hã—nabia wo ɖokui be, ‘Ðe taɖodzinu ɖeka le mía sia? Afikae míanɔ? Amekae awɔ gaŋutiɖoɖowo? Ðe mí ame evea katã míawɔ dɔa? Ðe míadzi via? Ðe dɔmenyonyo kple ameŋububu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe srɔ̃ɖeɖeƒomedodo dzia?’

Le go aɖewo me la, nɔnɔme si me woade ŋugble tso nya siawo ŋu le ate ŋu ana woanya ne wosɔ na wo nɔewo loo alo womesɔ o. Nyateƒee, ame eve aɖeke mesɔ kple wo nɔewo pɛpɛpɛ o. Gake ƒo ye katã ta la, ne ame eve siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖe yewo nɔewo te ŋu kpɔa kuxiwo gbɔ ɖekae eye woɖoa dze hã ɖekae la, anɔ eme be madzɔ be womasɔ na wo nɔewo o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe