Mègalé Dzikuɖe Dɔme O
NE AME aɖe da vo ɖe mía ŋu la, ɖewohĩ adze nu sesẽ be míagalé dziku ɖe dɔme o. Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo le nɔnɔme siawo ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.”—Efesotɔwo 4:26.
Ne ame aɖe da vo ɖe mía ŋu la, esɔ le dzɔdzɔme nu be míado dziku vaseɖe afi aɖe. Nya si Paulo gblɔ be “mibi dzi” la fia be dzikudodo ate ŋu asɔ ɣeaɖewoɣi—ɖewohĩ le esi womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o alo le nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe mía ŋu ta. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 11:29.) Gake ne womeɖɔe ɖo o la, dzikudodo si sɔ gɔ̃ hã ate ŋu ava gblẽ nu, si akplɔ ame ayi nuvɔ̃ gã wɔwɔ mee. (Mose I, 34:1-31; 49:5-7; Psalmo 106:32, 33) Eyata nukae nàte ŋu awɔ ne ame aɖe do dziku na wò?
Le vodada suesue akpa gãtɔ gome la, àte ŋu aɖɔ nya la ɖo le wò dzi me ‘azi ɖoɖoe’ loo alo nàte ɖe vodala la ŋu adzro nya la me kplii. (Psalmo 4:5; Mateo 5:23, 24) Le go evea siaa me la, anyo wu be nàkpɔ nya la gbɔ kaba bene dzikudodoa magasẽ ɖe edzi eye nu baɖawo nado tso eme o.—Efesotɔwo 4:31.
Yehowa tsɔa míaƒe nuvɔ̃wo, esiwo míewɔna le manyamanya me gɔ̃ hã, kea mí faa. Ðe míawo hã míate ŋu atsɔ mía havi amegbetɔwo ƒe vodada suesuewo ake wo nenema ke oa?—Kolosetɔwo 3:13; Petro I, 4:8.
Enyo ŋutɔ be Helagbe me nya si wozã na “tsɔtsɔke” gɔme le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “woaɖe asi le eŋu.” Tsɔtsɔke mefia be míabu nuvɔ̃a nu tsɛ alo aŋe aɖaba ƒu edzi o. Ate ŋu abia ɣeaɖewoɣi ko be nàɖe asi le nusi dzɔ ŋu le esi nènyae be ɖeko dzikudodo ana wò agbawo nakpe ɖe edzi eye wòagblẽ Kristo-hamea ƒe ɖekawɔwɔ me ta. Hekpe ɖe eŋu la, dzikuléleɖedɔme ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu!—Psalmo 103:9.