“Yehowa ƒe Dɔe Wònye”
Emae nye nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ El Norte si wotana le Monterrey Dugã me le Mexico la ƒe tanya. Nyatia ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ yeye aɖe ŋu.
Monterrey nye dugã aɖe si le Mexico ƒe dzigbe si me ame 2,300,000 le (eƒe gbɔtoduwo hã le eme) eye Fiaɖuƒegbeƒãɖela 19,200 ye le afima. Anɔ abe ƒe ɖeka kple afã enye sia ene la, Ðasefoawo te woƒe ŋutetewo ƒo ƒui hetu Takpexɔ dzeani aɖe si me zikpui nyui 3,000 kple xɔmefamɔ̃ le. Ðasefo siwo le afima kpɔ dzidzɔ esime Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ ɖeka va ƒo xɔŋukɔnuƒoa. Le wɔnaa me la, wogblɔ ŋutinya kpui aɖe tso dɔa wɔwɔ le Monterrey ŋu, eye wobia gbe amesiwo kpɔ gome le xɔa tutu me. Emegbe ame 4,500 siwo kpe ta la se xɔŋukɔnufoa.
Esiae nye Takpexɔ etɔ̃lia si wotu le Mexico nyitsɔ laa le ɖoɖo si wogblɔ be enye agbagbadzedze be woatu “Fiaɖuƒe Akpata Kple Takpexɔ Geɖe Siwo Nyo Wu eye Wololo Wu” la me.
Esi gbeƒãɖelawo wu 443,000 le Mexico, eye ame 1,492,500 de Ŋkuɖodzia le ƒe 1995 me ta la, Takpexɔ yeyewo abe esi wotu le Monterrey ene akpe asi ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me ŋu godoo.