Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Mawu Nya la ƒe Ametrɔŋusẽ
ABE alesi eya ŋutɔ gblɔe ene la, enye “busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã.” (Timoteo I, 1:13) Gake etrɔ! Apostolo Paulo trɔ eƒe nɔnɔme ale gbegbe be ete ŋu gblɔ emegbe be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.”—Korintotɔwo I, 11:1.
Egbea la, tadeagula anukwaretɔ akpe alafa geɖe le tɔtrɔ ma tɔgbe wɔm le xexeame godoo. Nukae na wote ŋu trɔna nenema? Wole Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze xɔm hele eŋudɔ wɔm le woƒe agbenɔnɔ me. Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna la ɖe Mawu Nya la ƒe ametrɔŋusẽ fia.
Srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo ɖeɖe nɔ Slovenia kɔƒedu aɖe ƒe gbɔto. Ŋutsua ŋkɔe nye Jože, exɔ abe ƒe 60 ene eye ahatsunonoe nye kuxi si nɔ fu ɖem nɛ vevie. Gake egaléa be na srɔ̃a Ljudmila si le dɔ lém la kokoko. Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo te ɖe Jože ŋu gbeɖeka. Ekpe Ðasefoawo va eƒeme, afisi wodo go srɔ̃a le. Esi Ljudmila se Fiaɖuƒe gbedasia teti la, dzidzɔɖatsiwo ge le mo nɛ. Nusiwo Jože hã se la vivi enu eye wòbia nya geɖe. Esi Ðasefoawo tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo na srɔ̃tɔawo vɔ megbe la, wodzo.
Ðasefoawo gate ŋu trɔ va le dzinu ɖeka megbe, eye wokpɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi nɔ kplɔ̃ dzi. Esi wobia Jože afisi wòkpɔ agbalẽa tsoe la, egblɔ be: “Mekpɔ boblododo aɖe le magazine siwo miegblẽ ɖe gbɔnye dometɔ ɖeka ƒe megbekpa dzi. Eyata meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe miaƒe dɔwɔƒe le Zagreb tsɔ bia be woaɖo agbalẽa ɖem.” Esi wokpɔ ɖetsɔleme si gbegbe le eme la, wokpee be wòava Kristo ƒe Ŋkuɖodzi si wogbɔna ɖuɖu ge le Fiaɖuƒe Akpataa me la ɖuƒe. Edzɔ dzi na Ðasefoawo ŋutɔ be eva!
Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme enumake, eye wòwɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Le kpɔɖeŋu me, esi wozã Biblia tsɔ fia Jože be “megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. . . . Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o” la, enumake eƒo mawusubɔsubɔlegba siwo katã le aƒea me tsɔ kpe ɖe nɔnɔmetatawo ŋu nu ƒu hetsɔ wo ƒu gbe.—Mose II, 20:4, 5.
Wonɔ gbɔgbɔmenyateƒea ƒe tsikɔ si nɔ Jože wum ƒe tsi namee. Gake nublanuitɔe la, tsikɔ bubu aɖe ganɔ ewum. Anɔ abe ƒe 18 sɔŋ ene la, enoa wein si ade lita 10 gbesiagbe. Le eƒe ahanonokuxia ta la, metsia dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe dzedzeme ŋu boo o. Gake esi wòsrɔ̃ nu tso Mawu ƒe nukpɔsusu le aha sesẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋu vɔ la, eɖoe kplikpaa be yeatrɔ.
Edze agbagba vevie be yeaɖu yeƒe ahanonokuxia dzi ʋeʋeʋe, hedea dzesi aha agbɔsɔsɔ si wònona gbesiagbe. Eteƒe medidi o megava nye kluvi na wein o. Le eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a me la, esrɔ̃e hã be wobia tso Kristotɔ vavãwo si be woanɔ dzadzɛ ɣesiaɣi. Eyata etsɔ ga na Ðasefoawo hegblɔ be: “Enyo, miyi ɖaƒle awudodo ƒomevi ɖesiaɖe si hiã nam be mate ŋu ado ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbeadzii!” Ðasefoawo ƒle awutewuiwo, afɔwuiwo, afɔkpawo, dziwuiwo, coat-wo, kɔlawo, kpakple agbalẽkplo vɛ nɛ.
Esi Jože kple Ljudmila srɔ̃ Biblia ƒe ɖeka megbe la, wova dze be wo kple Ðasefoawo woayi aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa wɔƒe. Le dzinu etɔ̃ megbe la, wotsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔɖetsime ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe me. Togbɔ be tsitsi ɖe fu na Jože eye eƒe lãmesẽ mede dzi o hã la, eɖea gbeƒã edziedzi eye emegbe ezu subɔsubɔdɔwɔla si subɔ nuteƒewɔwɔtɔe le hamea me vaseɖe esime wòku le May 1995 me. Kutsetse nyui si do go tso ŋutsu sia si bɔbɔ eɖokui kple srɔ̃a ƒe agbenɔnɔ me la ɖo kpe Mawu Nya la ƒe ametrɔŋusẽ dzi!