INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 5/15 axa 32
  • Afikae Wokpɔa Woƒe Ŋusẽa Tsonɛ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Afikae Wokpɔa Woƒe Ŋusẽa Tsonɛ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 5/15 axa 32

Afikae Wokpɔa Woƒe Ŋusẽa Tsonɛ?

NE ÈLÉ ŋku ɖe kpakpaluʋui si le foto sia me ŋu nyuie la, àkpɔe be wɔna aɖeke megale eƒe aʋalã eneawo dometɔ ɖeka ŋu kura o. Gake kpakpaluʋuia yia edzi ɖua nu eye wògadzona. Menye ɖe nusia tɔgbe mebɔ o. Wokpɔa kpakpaluʋuiwo wodzona yina gagbɔna esime woƒe aʋalã ƒe akpa 70 le alafa me ɖe ɖa.

Nenema ke ame geɖe ɖea tameɖoɖo kplikpaa fiana. Togbɔ be wole fu kpem vevie le ŋutilã me alo seselelãme kuxiwo me hã la, womenaa ta o.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 4:16.

Apostolo Paulo ŋutɔ hã do dzi le nɔnɔme sesẽwo me le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ me. Woƒoe, woƒu kpee, eye wodee gaxɔ me. Hekpe ɖe eŋu la, gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe nɔ eŋu, ɖewohĩ enye kuxi aɖe si ku ɖe eƒe ŋku ŋu si nye ‘ŋù le eƒe ŋutilã me’ ɣesiaɣi.—Korintotɔwo II, 12:7-9; Galatiatɔwo 4:15.

Kristotɔ hamemegã aɖe si ŋkɔe nye David si blanuiléle ɖe fu na vevie ƒe geɖe la xɔe se be Yehowa ƒe ŋusẽe kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ be yehaya. Eɖe eme be: “Zi geɖe la, edze abe ŋgɔyiyi si metsɔ kutrikuku wɔ la le bubum ene. Ne dzi ɖe le ƒonye alea la, metsɔa ɖokuinye dea asi na Yehowa, eye edoa ŋusẽm hã vavã. Ɣeaɖewoɣi menɔa gbedodoɖa dzi gaƒoƒo geɖe. Ne meƒo nu na Yehowa la, nye akogotsitsi kple wɔnamanɔŋuitɔnyenye si mesena le ɖokuinye me la nu yina. Menɔ te ɖe ɣeyiɣi siwo me megbɔdzɔ vevie la nu, gake Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be to gbɔdzɔgbɔdzɔ sia me la, ŋusẽ va ɖo ŋunye—ŋusẽ si mate ŋu atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu gɔ̃ hã.”

Yehowa Mawu do ŋusẽ Paulo. Esia tae wòte ŋu gblɔ be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Korintotɔwo II, 12:10) Ẽ, Paulo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ fiae be wòaɖo ŋu ɖe ŋusẽ si Mawu nana ŋu. Apostoloa gblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le . . . amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawo vavã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe