Atikenyalawo De Ŋugble le Nu Bubu Siwo Woazã ɖe Ʋu Teƒe Ŋu
ATIKENYALA siwo ade 200 siwo tso United States kpe ta ɖe Cleveland, Ohio, le Memleɖa, October 7, 1995 dzi, be yewoade ŋugble le nya aɖe si me atikewɔlawo tsɔ ɖe le vevie ŋu: atikewɔwɔ kple amekoko ʋumazãmazãe.
Wodzro atikewɔnya sesẽ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, nenye be ʋu vɔ kura le lãme na dɔnɔ aɖe ɖe? Aleke woawɔ awɔ dɔ na vidzĩ si ƒe ŋkeke mede kura hafi wodzi o la ʋumazãmazãe? Ðe woate ŋu ako dzia ʋumadomadoe wòadze edzia? Enya se be amekoko ʋumazãmazãe—si fia zi geɖe be woazã nusiwo akpe ɖe ŋutilãa ŋu be wòadzi eƒe ʋu ƒe agbɔsɔsɔa ɖe edzi—nye mɔnu si wozã le nɔnɔme siawo katã me eye wòdze edzi.a
Nukata wòhiã be woadi atike bubuwo ɖe ʋudodo teƒe? Sharon Vernon si nye Atikewɔwɔ kple Amekoko Ʋumadomadoe ƒe dɔnunɔla le St. Vincent Dɔmenyonunana ƒe Kɔdzi le Cleveland gblɔ be: “Mesrɔ̃e be ʋudodo hea dɔléle vɛ zi geɖe, vevietɔ aklãdɔ.” Eyi dzi be: “Ne ʋudodo mede dɔ lãme na ame o hã la, ate ŋu agblẽ nu le dɔnɔa ƒe dɔlélenutsiŋutete ŋu.” Togbɔ be woɖe AIDS xɔxɔ dzi kpɔtɔ to ʋua dodokpɔ me hã la, dɔléle geɖe li si nudokpɔmɔ̃awo mete ŋu kpɔna o. Eye togbɔ be ehiã na dzadzraɖo geɖe wɔwɔ le amekoko ʋumadomadoe me hã la, gagbegblẽ mele eme boo o, elabena nyahehe siwo fɔna ɖe te le ʋumanyomanyo dodo na dɔnɔa me la meganɔa anyi o.
Le Yehowa Ðasefowo gome la, susu si de ŋgɔ wu le wo si si ta wogbea ʋudodo: Mawu ƒe se meɖe mɔ ɖe eŋu o. (Dɔwɔwɔwo 15:29) Gake wodi be woawɔ atike nyuitɔ kekeake si li na yewo. Le esia ta wowɔ ɖeka kple ɖɔkta siwo xɔ ŋgɔ le numekuku wɔm le atikewɔwɔ ʋumadomadoe ŋu. Menye Yehowa Ðasefowo koe esia ɖe vi na o ke na ame bubu geɖe siwo tsɔ ɖe le afɔku siwo le ʋudodo me ŋu hã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata si nye November 22, 1993, axa 24-7, kple Eʋegbe tɔ si nye February 8, 1996, axa 31.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
WHO ƒe foto si P. Almasy ɖe