“Mèganyã Wo O!”
NYADZƆDZƆGBALẼ si nye Corriere della Sera ɖo aɖaŋu be: “Ne Yehowa Ðasefo ɖeka alo eve gɔ̃ hã ƒo wò agbonuga la, mèganyã wo o!” Nyadzɔdzɔgbalẽa nɔ nu ƒom tso nusi dzɔ le Treviso, le Italy ƒe dziehe, si me wòsusɔ vie asitsala aɖe ƒe ga lire miliɔn ɖeka kple edzivɔ (si wu United States dɔlar 600) bu le esi wònyã Ðasefo eve siwo va srãe kpɔ ta la ŋu.
Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be Ðasefo eve ɖe wo ɖokui fia ŋutsu aɖe ale: “Egbe nye ŋkeke nyui aɖe na wò. Yehowa Ðasefowoe míenye, eye nu xɔasi aɖe le mía si míatsɔ na wò.” Esi wogblɔ nya sia vɔ ko la, asitsala si medi woƒe nya kura o la do ʋɔa, eye meɖe mɔ wowu woƒe nya la nu o.
Ne ɖe ŋutsua ɖo to la, anye ne akpɔe be ɖe Ðasefoawo va yeƒe aƒea me be woatrɔ yeƒe gakotokuvi si wofɔ le modzakaɖebɔ me zikpui aɖe dzi la vɛ na ye. Eyata nusi Ðasefoawo te ŋu wɔ koe nye be wotsɔ gakotokuvia kple nusiwo le eme yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe si tsɔ ɖe wo gbɔ. Kpovitɔwo tsɔe yi na nua tɔ le ŋufɔke.
Il Gazzettino di Treviso gblɔ be: “Ne ame bubu aɖee [Ðasefo] eve siwo wonyã nye la, anye ne ɖewohĩ . . . woatsɔ ga gbogbo si nɔ gakotokuvia me. Gake Yehowa Ðasefowo, amesiwo wòle na be woaɖi anukware le nusianu me la, mawɔ nenema o.”
Nukae ʋãa Yehowa Ðasefowo be “woaɖi anukware le nusianu me”? Eyae nye woƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple wo havi, si wɔ ɖeka kple Yesu Kristo ƒe nufiafiawo. (Mateo 22:37-39) Ema hã tae Yehowa Ðasefowo yina tso aƒeme yi aƒeme be woaɖe gbeƒã nyanyui si ku ɖe “anyigba yeye” wɔnuku si ƒe ŋugbe Yehowa Mawu do ŋu. Mɔkpɔkpɔ ƒe gbedasi sia xɔ asi wu ŋutilãmenunɔamesi ɖesiaɖe!—Petro II, 3:13.