INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 9/15 axa 32
  • Biblia me Nyagblɔɖi aɖe ƒe Emevava

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia me Nyagblɔɖi aɖe ƒe Emevava
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 9/15 axa 32

Biblia me Nyagblɔɖi aɖe ƒe Emevava

WODA gaƒoɖokui tɔxɛ aɖe kple elektrik akɔntadzesixlẽmɔ aɖe ɖi be amesiame nakpɔ le Dziɖuɖu ƒe Aʋawɔwɔ Blemanudzraɖoƒe le London, England. Ne gaƒoɖokuia ƒe dzesifiati le zɔzɔm la, nuxlẽmɔa hã ɖina klɛ sɛkɛnd 3.31 ɖesiaɖe. Zi ɖesiaɖe si wòaɖi klɛ ko la, xexlẽme bubu gava kpea esi li xoxo. Eƒe ɖiɖi klɛ ɖesiaɖe kple xexlẽme ɖesiaɖe, tsi tre ɖi na ŋutsu, nyɔnu, alo ɖevi aɖe si ku le aʋawɔwɔ ta le ƒe alafa sia me.

Nuxlẽmɔa dze eƒe nuxexlẽa gɔme le June 1989 me eye wokpɔ mɔ be awu nuxexlẽa nu le ŋkeke si ado ŋgɔ na ƒe 2000 ƒe zã ga 12. Le ɣemaɣi la, xexlẽme si adze le nuxlẽmɔa dzi la anye miliɔn alafa ɖeka—ame agbɔsɔsɔme si wosusu be woaku le aʋawɔwɔ ta le ƒe alafa 20 lia katã me.

Ƒe 2,000 kloe enye sia va yi la, Yesu Kristo gblɔ ɣeyiɣi si me ‘dukɔ ƒe tsitretsitsi ɖe dukɔ ŋu kple fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu’ abɔ la ŋu nya ɖi. Eyata Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem ɣeyiɣi didi aɖee nye sia be ƒe alafa sia ƒe aʋawɔwɔ gblẽnuwo, kpakple anyigbaʋuʋu gbogbowo, dɔvɔ̃wo, nuɖuɖu ƒe veve, kple nyadzɔdzɔ bubuwo katã nye kpeɖodzi be míele “ŋkeke mamleawo” me—ɣeyiɣi si kplɔ Kristo ɖoɖo zi dzi wòzu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me ɖo.—Luka 21:10, 11; Timoteo II, 3:1.

Gbetakpɔxɔ yɔa nya tso Biblia me tsɔ ɖea gbeƒã nyanyui siae be Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃ ameteɖetolawo ɖa eye wòatrɔ anyigba la wòazu paradiso kpuie. Ke nukae ava dzɔ ɖe aʋawɔwɔ dzi? Biblia gblɔe be: “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba, amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo [aʋawɔtasiaɖamwo].”—Psalmo 46:9, 10.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Gaƒoɖokui: Imperial War Museum ƒe mɔɖeɖe nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe