“Yehowa Ðo Nye Gbedodoɖawo Ŋu!”
LE XEXEAME godoo la, Yehowa Ðasefowo le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo de miliɔn atɔ̃ kloe wɔm kple amesiwo di be Mawu kple tame wɔnuku si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu la ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu yewo si. Ðevi siwo le Yehowa Ðasefowo dome gɔ̃ hã le dɔ sia wɔm. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋutsuvi si ŋkɔe nye Joel ŋu kpɔ. Eɖo kpe adzɔgbe si wòɖe na Yehowa dzi eye wòxɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe asieke. Nuteƒekpɔkpɔ si su esi le ƒe ɖeka megbee nye si:
“Esi menɔ gbeadzi la, medo go nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Candy. Metsɔ agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye’ fiae. Enɔ esi xoxo, eyata metsɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi fiae. Ema hã nɔ esi xoxo. Eye mewɔ susu be, ‘Mado Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe nyɔnu sia gbɔ.’ Elɔ̃!
“Candy nɔvia nyɔnu si cancer nɔ fu ɖem na kutɔkutɔe la, va nɔ egbɔ. Gakpe ɖe eŋu la, Candy nɔ dɔnɔdzikpɔla ƒe dɔ srɔ̃m. Eyata míedzudzɔ Biblia-nusɔsrɔ̃a ɣeyiɣi aɖe. Gake mía kple dzinyelawo míegayia egbɔ naa magazinewo eya alo srɔ̃a, Dick. Srɔ̃a gblɔ na mí be edaa magazineawo ɖe eƒe abati xa eye exlẽa wo le zãme.
“Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Candy nɔvinyɔnua ku. Mía kple Fofonye kple Danye míeƒo nu le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu na Candy. Eɖoe be yeagadze yeƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a gɔme. Ŋkeke bubu dzi la, míebia Dick be adi be yeawɔ ɖeka kple Candy bene woasrɔ̃ nua ale be wòazu ƒomenusɔsrɔ̃ hã. Ebe susu nyui aɖee nye ma. Eyata fifia la, Fofonye kpe ɖe ŋunye mele nu srɔ̃m kple Dick kpakple Candy siaa. Wole ŋgɔyiyi nyui wɔm eye woɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃a ŋu.
“Medoa gbe ɖa be Biblia-nusɔsrɔ̃ nanɔ asinye, eye Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu!”