INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 3/1 axa 32
  • Amekae Le Dzi Ðum?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Le Dzi Ðum?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 3/1 axa 32

Amekae Le Dzi Ðum?

“AMEKAE le xexeame dzi ɖum?” Nenye wòe wobia nya ma ɖe, aleke nàɖo eŋui? Mawusubɔlawo dometɔ akpa gãtɔ agblɔ be “Mawu” alo “Yesu” ye. Nyati aɖe si dze le The Freeport News, si nye Bahamastɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me la na ŋuɖoɖo si ame geɖe mesusu o.

Nyatia ŋlɔla dze eƒe nya gɔme be: “Mekpɔ trakt aɖe le nye xɔmɔ nu. Zi geɖe la, nyemexlẽa nu ma tɔgbe o, gake fifia ya meɖoe be maxlẽe. Nya si woŋlɔ ɖe edzi bia be, ‘Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum?’ ” Esi nyɔnu sia xlẽ trakt sia si wotu ɖe Biblia dzi vɔ la, eva nya be menye Mawu alo Yesue nye xexe sia me dziɖula o, ke Satana Abosam ye.—Yohanes 12:31; 14:30; 16:11; Yohanes I, 5:19.

Trakt la gblɔ be: “Bu ŋutasẽnu dziŋɔ siwo wosẽ tame wɔ wògbɔ eme la ŋu kpɔ. Amegbetɔwo zã aɖiyaxɔwo, fuwɔamegaxɔwo, tu siwo me dzo dona le, bɔmb siwo tɔa dzo nu, kple nu vɔ̃ɖi bubuwo tsɔ fia fu wo nɔewo hewu wo nɔewo nublanuimakpɔmakpɔe. . . . Nukawoe ʋãa amewo be woawɔ nu nyɔŋu mawo alo nana wova nɔa nɔnɔme siwo me wosenɛ le wo ɖokui me be ele be yewoawɔ ŋutasẽnuwo la me? Èbia ɖokuiwò se kpɔ be ɖewohĩ ŋusẽ vɔ̃ɖi makpɔmakpɔ aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi be woawɔ ŋutasẽnu mawoa?” Ðe wòwɔ nuku be Biblia yɔ Satana be ‘xexe sia me mawua’?—Korintotɔwo II, 4:4.

Dzidzɔtɔe la, ɣeyiɣia de vɔ be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo maganɔ anyi o. “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Ẽ, Biblia do ŋugbe be mɔkpɔkpɔ le amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si be woanɔ agbe tegbee le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye aɖe me. (Psalmo 37:9-11; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Gbɔdzɔe ka gbegbee nye si míakpɔ ne woɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia ɖa!

Esi The Freeport News me nyatia ŋlɔla gblɔ trakt sue sia me nyawo kpokploe vɔ la, eƒo eta be: “Dzi dzɔm vavã be mexlẽ trakt ma . . . elabena nye hã metsi dzi ɖe xexeame ƒe nɔnɔme kple amesi le dzi ɖum la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe