Ðe Nudzɔdzɔ Siawo Tɔgbe Nu Ayi le Mía Dome Gbaɖegbea?
AFIKA kee míeɖayi le ŋkeke siawo me o, míekpɔa amemiamiã, avuwɔwɔ, kple aʋawɔwɔ ƒe nudzɔdzɔwo. Gake menye magazine sia ƒe taɖodzinue nye be yeagagblɔ nya vɔ̃ bubuwo akpe esiwo nèse xoxo la o. Ke boŋ tata tɔxɛ sia agblɔ nyateƒe eve ya teti siwo faa akɔ na ame na wò. Gbãtɔe nye be blemanyagblɔɖi siwo le Biblia me gblɔ nya vɔ̃ tsodzikaƒoname siwo dzɔna le míaƒe ɣeyiɣia me ƒe akpa gãtɔ ɖi nyateƒe; eveliae nye be nyagblɔɖigbalẽ sia ke gblɔ ɖi be ŋkeke aɖe ava esime nudzɔdzɔwo abe esi ƒe foto dze le afisia ene nu ava yi. Aʋawɔwɔwo nu ayi. Bɔmbdada, tudada, bɔmbɖiɖi ɖe tome, alo ŋɔdzidonamenuwɔwɔ nu ayi. Tsyɔ̃evi alo sitsoƒedila aƒemanɔsitɔ siwo tsia dzodzodzoe maganɔ anyi o. Enye xexe si me ŋutifafa vavã si naa dzidzeme ame anɔ. Àdi be ɣeyiɣi ma neva yeakpɔa? Míede dzi ƒo na wò be nàde ŋugble le nya si Biblia agblɔ la ŋu. Àkpɔ akɔfanya geɖe le eme wu alesi nèsusui.