‘Miwɔ Kluvidɔ na Aƒetɔ, Kristo’
AME miliɔn geɖe do dzi nɔ kluvinyenye me le ŋutinya katã me. Le kpɔɖeŋu me, ƒe akpe geɖe enye sia la, Israel-viwo kpe fu le Egipte-dzikpɔlawo si me ale gbegbe. Biblia gblɔ be, “wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo,” vevitɔ bene woame kpe.—Mose II, 1:11.
Ðewohĩ amewo menye kluviwo le nya la ŋutɔŋutɔ nu le dukɔ geɖe me egbea ya o, gake ele na wo dometɔ geɖe be woawɔ dɔ le nɔnɔme si bia dagbadagba vevie me gaƒoƒo geɖe—ɣeaɖewoɣi le ŋlɔmiwɔwɔ me. Wole fukpekpe gã si woate ŋu ayɔ be ga ƒe kluvinyenye me.
Gake kluvinyenye ƒomevi aɖe li si medoa agba na ame o. Apostolo Paulo de dzi ƒo na haxɔsetɔwo be: ‘Miwɔ kluvidɔ na Aƒetɔ, Kristo.’ (Kolosetɔwo 3:24) Amesiwo lɔ̃ be yewoanye Kristo ƒe kluviwo kpɔa gbɔdzɔe tso woƒe agba kpekpeawo me. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena [nye] kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.
Kristo ƒe kɔkutia tsɔtsɔ mefia be woaɖe agba le ame dzi eye womagakpɔ ƒome ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ o. (Timoteo I, 5:8) Gake enana wovona tsoa fuɖenamenu siwo le ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ me. Le esi teƒe be Kristotɔwo natsɔ ŋutilãmenuwo awɔ woƒe taɖodzinui le agbe me la, agbemenuhiahiã vevi siwo le wo si la ɖia ƒo na wo.—Timoteo I, 6:6-10; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 7:31.
Kristotɔwo ƒe dzi dzea eme hã ne wole woƒe agbanɔamedzi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋuti ‘nyanyuia’ tsɔm. (Mateo 24:14) Ena wokpɔa dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ!
Ele be míada akpe be míate ŋu ‘awɔ kluvidɔ na Aƒetɔ, Kristo’!
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.