INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 8/1 axa 30
  • Agbalẽwo, Agbalẽwo, Agbalẽwo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽwo, Agbalẽwo, Agbalẽwo!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 8/1 axa 30

Agbalẽwo, Agbalẽwo, Agbalẽwo!

Fia Salomo nunyala si nɔ anyi le blema la ŋlɔ bena: “Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o.” (Nyagblɔla 12:12) Le ƒe 1995 me la, wota agbalẽ yeye ɖeka kloe na ame 580 ɖesiaɖe le Britain, si na be dukɔ ma nye esi me wotaa agbalẽ yeyewo le wu le xexeame katã. China, dukɔ si me nɔlawo sɔ gbɔ wu ɖesiaɖe la, nye evelia eye wota agbalẽ vovovo 92,972 esi Britain tɔ nye 95,015. Germany ye kplɔe ɖo (wota 67,206), eye United States va (49,276), eye France ye gakplɔe ɖo (41,234). The Daily Telegraph si nye nyadzɔdzɔgbalẽ le London la gblɔ be: “Britain ƒe nɔƒe gbãtɔ xɔxɔ le xexeame la tso Eŋlisigbe si ame geɖe dona gbɔ.”

Nyatakakawo ɖee fia be agbalẽdzadzra yi to ƒe geɖe enye sia, eye fifia ame tsitsi 80 le alafa me koe ƒlea agbalẽ ɖeka alo esi wu nenema ƒe sia ƒe le Britain. Gake ɖe amewo xlẽa agbalẽ siwo katã woƒlena la?

Agbalẽ aɖe si woyi edzi le mamãm hele exlẽm wu ɖesiaɖee nye Biblia, eye fifia wota eƒe akpa aɖewo alo bliboa katã ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,120 me. Ne ɖe mele asiwò o la, ke na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ ƒe dɔwɔƒe si tsɔ ɖe gbɔwò nanya ne nàxɔ ɖeka. Ne Biblia le asiwò la, tsɔe eye nàxlẽ Ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe nyati siwo le magazine sia me la me. Ne èwɔe nenema la, Biblia me sidzedze si naa agbe asu asiwò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe