Ɣeyiɣiawo me Sesẽ na Ame Tsitsiwo
DADA ONIYAN si xɔ ƒe 68 la le Ɣetoɖoƒe Afrika dugã aɖe me. Esusui le eƒe ɖetugbime be le yeƒe tsitsime la, yeaxɔ dzudzɔ anɔ anyi le tomefafa me eye ye viwo kple mamayɔviwo anɔ ye ŋu. Gake ŋdɔkutsu sesẽ nue wònɔna nɔa tsinono fafɛ dzram le eƒe tsitsime. Ga sue si wòkpɔna ŋue wònɔa agbe ɖo. Viaŋutsuvi eveawo le keke dukɔ bubu aɖe me ke. Womegaɖo ga ɖee kpɔ o.
Tsã la, ɖe wodea bubu ame tsitsiwo ŋu le Afrika ŋutɔ. Nuteƒekpɔkpɔ kple sidzedze, kpakple nunya kple nugɔmesese si nɔa wo si le tsitsime zi geɖe lae nana wodea bubu wo ŋu. Wokpea asi ɖe mamayɔviwo kple tɔgbuiyɔviwo hehe ŋu. Amesiwo metsi de wo nu o la biaa woƒe aɖaŋuɖoɖo eye woawoe daa asi ɖe nu dzi hafi wowɔna. Amewo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia nu be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã [alo, nyagã] ɖeɖi la.”—Mose III, 19:32.
Ɣeyiɣiawo trɔ. Hiãkame, nuwo ƒe asixɔxɔ bobobo, dɔmakpɔwɔe, kple ame gbogbo aɖewo ƒe ʋuʋu yi dugãwo me wɔe be ame tsitsiwo tsi anyi wòle be woawo ŋutɔ nakpɔ wo ɖokui dzi. Kenya ƒe Kpekpeɖeŋunametsitsiha ƒe dɔnunɔla, Camillus Were, gblɔ be: “Ʋeʋeʋe la, wova le ta ɖem le alɔdodo kple beléle na ame tsitsiwo si wowɔna tso blema ke la te.”
Gake menye Afrika-dukɔwo me koe ƒomekadodo me le gbegblẽm le o. Guardian Weekly gblɔ le Japan ŋu be: “Ðeviwo ƒe belélename nye gɔmeɖokpe si dzi wotu Japantɔwo ƒe agbenɔnɔdzidzenu siwo woxɔ tso Konfusio-subɔsubɔ me la ɖo, gake ebu kura le esi dugãmeyiyi va bɔ eye ƒomekadodowo me le gbɔdzɔgbɔdzɔm ta: egbea la, Japantɔ 85 le alafa me kuna le kɔwo dzi alo ame tsitsiwo dzikpɔƒewo.”
Aleke kee nɔnɔmea le o, amesiwo di be yewoadze Mawu ŋu vavã la dzea agbagba be yewoade bubu yewo dzilawo ŋu. Wowɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: “Bu fofowò kple dawò . . . bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!” (Efesotɔwo 6:2, 3) Togbɔ be menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woade bubu dzila siwo tsi ŋu ahalé be na wo o hã la, teƒeɖoɖo xɔasi geɖe le eme.