Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia Amesiwo Hiã Tu
AGBANƆAMEDZI kple mɔnukpɔkpɔe wònye na Kristotɔwo be woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo hiã tu. (Yohanes I, 3:17, 18) Apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Nyitsɔ laa la, nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔa ɖe lɔlɔ̃ fia nɔviŋutsu aɖe si le Yehowa subɔm ƒe blaene kloe enye sia esime srɔ̃a dze dɔ eye wòva ku emegbe. Eŋlɔ be:
“Esi menɔ srɔ̃nyea gbɔ kpɔm le aƒeme le dɔba dzi ta la, nyemegate ŋu de dɔme o ɣleti eve kloe. Mekpɔ gbɔdzɔe ale gbegbe esime nɔvi siwo le hamea me lɔ̃ faa va kpe ɖe mía ŋu! Ga geɖe siwo wona mí—woŋlɔna ɖe nyuidinamegbalẽ siwo wotsɔ kpe ɖe wo ŋu dzi be ‘bene miatsɔ axe nugbegblẽfe bubuwoe’—lae míetsɔ xe xɔfe, nuzazãfewo, kple fe bubuwoe.
“Kwasiɖa eve do ŋgɔ na srɔ̃nye ƒe ku la, míaƒe nutome sue dzikpɔla va srã mí kpɔ hede dzi ƒo na mí. Eɖe fotoɖeɖefia si hamea akpɔ le kwasiɖanuwuwua gɔ̃ hã fia mí. Míete ŋu se kpekpeawo me nuƒowo to telefon dzi—kpekpewo hena gbeadzi si dzi nutome sue dzikpɔla la kpɔ hã nɔ eme. Le kpekpe siawo dometɔ ɖeka me la, ena amesiwo katã va kpe hena gbeadziyiyi la tsɔ nusɔsɔe do gbe na srɔ̃nye be ‘èfɔ nyuiea?’ Eyata, togbɔ be megale ame dome o hã la, mesusui be yetsi akogo o.
“Kaka gaƒoƒo ɖeka nava yi le eƒe ku megbe la, hamemegãwo katã kloe va aƒenyeme. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa ɖeka kple edzivɔ va srãm kpɔ gbemagbe ɖeɖe. Woɖo nuɖuɖu akɔme na vavalawo katã ‘nukutɔe.’ Nyemate ŋu agblɔ nunanawo, babadonamenyawo, akɔfanyawo, kple gbe siwo wodo ɖa ɖe tanye la o. Wodo ŋusẽm ale gbegbe! Eva hiã be magblɔ na nɔviawo be woadzudzɔ nuɖaɖa kple aƒemedzadzraɖodɔwo wɔwɔ!
“Afikae míagate ŋu akpɔ dɔmetɔtrɔ, ɖetsɔleme, kple lɔlɔ̃ɖeɖefia ɖokuitɔmadimaditɔe sia tɔgbe le wu Yehowa ƒe habɔbɔa me? Ame akpa gãtɔ ate ŋu afia asi xɔlɔ̃ vavã ʋee siwo le wo si ya. Ke Yehowa tsɔ gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe ƒome gã aɖe si keke ta la yra míawo ya!”—Marko 10:29, 30.