INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 1/1 axa 32
  • Ŋuɖoɖo aɖe si Nye Gbetɔame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋuɖoɖo aɖe si Nye Gbetɔame
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 1/1 axa 32

Ŋuɖoɖo aɖe si Nye Gbetɔame

NYITSƆ laa la, Catholic Herald si nye Britain ƒe Roma katoliko-ha la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ta lɛta si gbɔna si tso woƒe nuxlẽla aɖe si le Wales gbɔ be: “Yehowa Ðasefo eve va nye ʋɔtru nu gbeɖeka fiẽ. Mete ŋu gblɔ be Katoliko Ha lae da asi ɖe Nubabla Yeye si me wonɔ nya yɔm tsoe la ƒe vavãnyenye dzi. Nukutɔe la, wo dometɔ ɖeka lɔ̃ ɖe edzi nenema. Egblɔ be: ‘Ẽ, miawoe da asi ɖe edzi gake miewɔna ɖe edzi o. Yesu gblɔ be, “mialɔ̃ mia nɔewo sigbe alesi melɔ̃a mi ene,” gake miewua mia nɔewo. Le aʋa si wowɔ va yi me la, Katolikotɔwo wu Katolikotɔwo, gake Yehowa Ðasefo aɖeke mewu [ehati] Ðasefo o.’ Nya kae gale asinye tsɔ wu be malɔ̃ ɖe edzi? Aleke wɔ míedoa gbe ɖa be ɖekawɔwɔ nanɔ mía kple mía ‘nɔvi tutɔwo’ dome evɔ ɖekawɔwɔ mele mía ŋutɔwo mía dome o? Ðe mele be míaɖɔ ŋukpenya sia ɖo gbã oa?”—Yohanes 15:12.

Kristodukɔa mee xexemeʋa eve siwo wowɔ le ƒe alafa 20 lia sia me la dze egɔme tsoe eye ame siwo ade miliɔn 50 va ɖo miliɔn 60 tsi eme. Míate ŋu agblɔe nyateƒetɔe be Yehowa Ðasefowo mekpɔ gome le aʋa mawo me o, eye womekpɔa gome le aʋa siwo wɔm wole fifia la me hã o. Aleke esia te ŋu dzɔe? Ekpo ɖe gbɔwò be nàku nu me anya nu geɖe tso Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe nublanu sesẽ kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo miliɔn atɔ̃ kple edzivɔ̃ dome le xexeame godoo la ŋu.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 2:4.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

U.S. National Archives photo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe