Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Dzidodo He Mawu ƒe Yayra Vɛ le Malawi
YOSEF nye Yehowa subɔla nuteƒewɔla. (Hebritɔwo 11:22) Enye dzidola ɖedzesi aɖe hã. Togbɔ be Yosef ŋutɔ nɔviwo dee asi, wodzrae kluvi zi eve, eye wova da alakpa ɖe esi hedee gaxɔ me emegbe hã la, dzi meɖe le eƒo o. Ke boŋ edo dzi kpe fu ƒe geɖe, eye wòtsɔ ɖokuibɔbɔ nɔ Yehowa ƒe yayra lalam.—Mose I, 37:23-28, 36; 39:11-20.
Nenema ke egbea hã Yehowa Ðasefo siwo le Malawi gbɔ dzi ɖi lala Mawu ƒe yayrae. Kristotɔ Ðasefo siawo tsɔ ƒe 26 do dzi le dziɖuɖu ƒe mɔxeɖenuwo, tsitretsiɖeŋu sesẽwo, kple ŋutasẽnuwɔna geɖe me. Gake woƒe dzidodoa va ɖe vi!
Esime yometitia fe ati le Malawi le ƒe 1967 ƒe nuwuwu lɔƒo la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo ade 18,000 koe nɔ anyi. Kpɔ alesi gbegbe dzi dzɔ Ðasefoawoe ɖa esi wose be gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si wotsɔ dze ƒe 1997 subɔsubɔƒe gɔmee nye 38,393—wonye amesiwo nɔ anyi le mɔxeɖenua ƒe gɔmedzedze ƒe teƒe eve kple edzivɔ! Gakpe ɖe eŋu la, “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” ƒe Nutome Gã Takpekpe 13 siwo wowɔ le Malawi valawo sɔ gbɔ wu 117,000. Yehowa yra woƒe xɔse kple dzidodo nyateƒe.
Ŋutsuvi ƒe 14 vi aɖe si ŋkɔe nye Machaka ƒe nuteƒekpɔkpɔ nye yayra sia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Esi Machaka lɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kple ye la, edzilawo do dziku vevie. Wogblɔ be: “Ne Ðasefoe nèdi be yeanye la, ke do go le aƒea me.” Gake ŋɔdzidoname sia meɖe dzi le eƒo be wòdzudzɔ eƒe nusɔsrɔ̃a o. Ewɔe be Machaka dzilawo xɔ eƒe nudodowo katã le esi. Nɔviwo tso ɖe eŋu heƒle bubuwo nɛ. Esi Machaka dzilawo se nya sia la, wogblɔ nɛ be: “Ne Ðasefoawoe akpɔ dziwò la, ke dzo yi nàva nɔ wo gbɔ.” Esi Machaka bu nya la ŋu nyuie vɔ la, edzo le aƒea me, eye Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si le afima ƒe hamea me la xɔe.
Dɔme ve Machaka dzilawo ale gbegbe be wodzo le nutoa me bene yewomagakpɔ Ðasefoawo o. Nya la te ɖe Machaka dzi, gake eƒe dzi fa esi nɔviawo dzro Psalmo 27:10 me kplii, afima gblɔ be, ‘Ne fofonye kple danye wogblẽm ɖi hã la, Yehowa axɔm.’
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Machaka dzilawo ƒe dzi va fa, eye wògatrɔ va aƒe. Edze ƒã be wo viŋutsua ƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeasubɔ Yehowa kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wo dzi elabena woawo hã va di be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kple yewo! Woawo hã wode “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” ƒe Nutome Gã Takpekpea ŋkeke etɔ̃a katã, eye eʋã wo wogblɔ emegbe be: “Mawu ƒe habɔbɔe nye esia nyateƒe.”
Ẽ, tsitretsiɖeŋu ate ŋu ado ame akpɔ, gake Mawu ƒe dɔla nuteƒewɔlawo menaa ta o. Wotsɔa dzideƒo kpɔa ŋgɔ tẽ, elabena wonya be ‘xaxa hea dzidodo vɛ; ke dzidodo hea ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ.’ (Romatɔwo 5:3, 4) Yehowa Ðasefo siwo le Malawi ate ŋu aɖi ɖase nyuie be dzidodo hea Mawu ƒe yayra vɛ.