Ðe Mawu Atsrɔ̃ Xexeamea?
PAPA JOHN PAUL II gblɔ be kakaɖedzi ate ŋu anɔ amegbetɔwo si be etsɔme anyo. Egblɔ be tso gbaɖegbe ke la, “amegbetɔwo le nuvɔ̃wɔwɔ dzi, eye ɖewohĩ wololo wu esiwo wogblɔ be wowɔ do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔa gɔ̃ hã.” Ke hã papa la ɖe nu me be, “le nya siwo Mawu gblɔ le nubabla si wòwɔ kple Noa me la, míekpɔe be nuvɔ̃ aɖeke meli fifia si ana Mawu natsrɔ̃ xexeme si eya ŋutɔ wɔ o.”
Nyateƒee wònye be Mawu matsrɔ̃ xexeame gbeɖe oa? Biblia gblɔ be Mawu gblɔ na Noa le Tsiɖɔɖɔa megbe be: “Nyemagatsrɔ̃ ŋutilã sia ŋutilã kple tsiɖɔɖɔ o; tsi magaɖe anyigba agblẽ nu le edzi akpɔ o.” (Mose I, 9:11) Papa la gblɔ be Mawu gblɔ nya siawo tsɔ “ɖoe eɖokui dzi be yeakpɔ [anyigba la] ta be matsrɔ̃ o.”
Biblia na eme kɔ ƒã be Wɔla la maɖe mɔ woatsrɔ̃ míaƒe ɣletinyigba la o. Biblia gblɔ be: “Anyigba ya li tegbee.” (Nyagblɔla 1:4) Gake nu bubu aɖe li si wòle be míasrɔ̃ tso Tsiɖɔɖɔa me—enye nusi ŋu papa la meƒo nu tsoe o.
Yesu gblɔ be alesi nɔnɔmewo anɔ le anyigba dzi le ɣeyiɣi si me yeava nɔ anyi la anɔ “sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ” ene esime amewo “[medze] sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.” (Mateo 24:37-39) Nenema ke apostolo Petro hã ŋlɔe be abe alesi “tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wòtsrɔ̃” ene la, nenema ke “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke” le fifi xexea hã lalam.—Petro II, 3:5-7.
Ðe Yesu kple Petro woŋlɔ nu si Mawu bla kple Noa bea? Kura o! Abe alesi Mawu gblɔ na Noa le nubabla la me ene la, matsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia o. Ke boŋ ato Yesu Kristo si nye “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ” ƒe ŋusẽ dzi. (Nyaɖeɖefia [Apocalypse] 19:11-21) Eyata abe alesi Biblia gblɔ ene la, womatsrɔ̃ anyigba la o, ke boŋ ameƒomea ƒe ‘xexeamee’ atsrɔ̃ godoo. (Lododowo 2:21, 22; Nyaɖeɖefia 11:18) Emegbe la, “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.