INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 5/1 axa 32
  • Nukata Màyi Kple Wo O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Màyi Kple Wo O?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 5/1 axa 32

Nukata Màyi Kple Wo O?

NDJAUKUA ULIMBA nye ame tsitsi si xɔ 73, eye le ƒe si va yi me la, ezɔ mɔ didi aɖe si ade kilometa 450. Ezɔ afɔ le mɔzɔzɔ bliboa katã me, eye ŋkeke 16 sɔŋ ye wòtsɔ zɔe.

Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe sia ƒe takpekpe aɖe yiyi tae ame tsitsi sia zɔ mɔ didi ma ɖo. Esi wowu takpekpea nu la, dzi dzɔe wu gbɔgblɔ eye ŋusẽ ɖo eŋu le gbɔgbɔ me wògazɔ gbɔ va aƒe ake—ŋkeke 16 bubu. Ðe agbagbadzedze gbogbo ma hiã hafia? Ẽ, ehiã ŋutɔ! Ƒe aɖewoe nye sia si Ndjaukua Ulimba nɔa mɔ sia zɔm ƒe sia ƒe.

Afrika-ŋutsu sia nye amesiwo wu miliɔn 15 siwo tso dukɔ 230 kple edzivɔ me siwo de Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe le ƒe si va yi me la dometɔ ɖeka. Gake menye afɔe wo dometɔ akpa gãtɔ zɔ yi takpedua me ya o. Kaa, bɔs, keteke, alo yameʋue ame akpa gãtɔ ɖo yi. Ènɔ wo domea?

Le ƒe 1998 me la, woagawɔ takpekpe gãwo ake le xexeame godoo, woawɔ akpa gãtɔ le dzomeŋɔli ɣletiwo me. Ne Ndjaukua Ulimba ƒe lãmesẽ aɖe mɔ nɛ la, míexɔe se be agazɔ mɔ didi ma ke ayi. Wo kple ame bubu miliɔn geɖe ase nuƒo nyui siwo tua xɔse ɖo hedoa ŋusẽ ame. Takpekpeae anye ƒea ƒe nudzɔdzɔ vevitɔwo dometɔ ɖeka na vavalawo katã. Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàde. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ be woagblɔ takpekpe si tsɔ ɖe mia gbɔ wu la wɔƒe na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe