INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 9/15 axa 32
  • Aʋawɔwɔ Si Tsrɔ̃ Ƒe Alafa 19 Lia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aʋawɔwɔ Si Tsrɔ̃ Ƒe Alafa 19 Lia
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 9/15 axa 32

Aʋawɔwɔ Si Tsrɔ̃ Ƒe Alafa 19 Lia

1914

ESI Charley Reese si ŋlɔa nyadzɔdzɔwo ɖe The Orlando Sentinel me nɔ nu ƒom tso ƒe akpe yeyea ŋu la, eŋlɔ be: “Ƒe 1914-18 ƒe aʋawɔwɔ si tsrɔ̃ ƒe alafa 19 lia la meke o.” Nya ka gblɔm wòle? Eɖe eme be: “Ŋutinya me nyawo menɔa te ɖe ɣletiŋkekewo dzi hafi dzɔna o. Ƒe alafa 19 lia—si ŋu wogblɔ le be dzixɔsewo, nukpɔsusuwo, nɔnɔmewo kple agbenyuinɔnɔ nɔ la—mewu enu le January 1, 1901 dzi o. Ƒe 1914 mee wòwu enu. Ɣemaɣi hãe ƒe alafa 20 lia, si ŋu wogblɔ nya ma ke le la dze egɔme. . . .

“Aʋawɔwɔ siwo le fu ɖem na mí le míaƒe agbe me katã kloe dzɔ tso aʋa ma me. Aʋa ma mee nunyalawo kple teƒe vovovo tsolawo dome dzre siwo teƒe kpɔm míele la do tso. . . .

“Egblẽ nu abe alesi megblɔe ene elabena egblẽ dzixɔse si nɔ amewo si be amegbetɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe etsɔme dzi la dome. . . . Aʋa ma wɔe be amewo ɖe asi le dzixɔse ma ŋu. Akpa eve siwo kpe aʋa la dometɔ aɖeke mesusui be aleae wòava yi o. Etsrɔ̃ Britain kple France tɔwo ƒe fiaɖuƒewo. Ena Britain, France, kple Germany ŋutsu siwo nye nyuitɔwo kekeake le dzidzime blibo ɖeka me la ku. . . . Ewu ame miliɔn 11 le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.”

Anɔ ƒe 120 kple edzivɔ la, Yehowa Ðasefowo fia asi ƒe 1914 be enye ɣeyiɣi si Yesu yɔ be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” ƒe nuwuwu. (Luka 21:24) Ƒe ma mee woɖo Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre hedo ŋutikɔkɔe na la zi dzi wòzu Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia. Yehowa Mawu ato Fiaɖuƒe ma dzi aɖe fukpekpe si bɔ ɖe ƒe alafa sia me la ɖa tegbetegbe.—Psalmo 37:10, 11; Nyagblɔla 8:9; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

U.S. National Archives photo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe