INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/15 axa 28
  • Kpɔ Nyuie Le Ðoƒeƒeƒle Ŋuti!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Nyuie Le Ðoƒeƒeƒle Ŋuti!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/15 axa 28

Kpɔ Nyuie Le Ðoƒeƒeƒle Ŋuti!

WODE bubu Simon si tso Samaria ŋu vevie le eƒe nutoa me. Ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee wònɔ anyi, eye eƒe akunyawɔwɔ na amewo ƒe nu ku ale gbegbe be wogblɔna be: “Amesiae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, si woyɔna be gã.”—Dɔwɔwɔwo 8:9-11.

Gake emegbe esi Simon va zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ la, ede dzesi ŋusẽ aɖe si lolo sasasã wu esi zãm wònɔ tsã la. Eyae nye ŋusẽ si wona Yesu ƒe apostolowo, si naa ŋusẽ wo be woana gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nukununana ame bubuwo. Ewɔ dɔ ɖe Simon dzi ale gbegbe be etsɔ ga vɛ na apostoloawo hebia bena: “Mina ŋusẽ sia nye hã, bena amesi ke dzi mada asi ɖo la, naxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la.”—Dɔwɔwɔwo 8:13-19.

Apostolo Petro ka mo na Simon bena: “Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena èbu xa bena, yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga. Gome kple domenyinyi aɖeke mele nya sia me na wò o; elabena wò dzi medzɔ le Mawu ƒe ŋku me o.”—Dɔwɔwɔwo 8:20, 21.

Biblia me nuŋlɔɖi sia mee Eŋlisigbe me nya simony si gɔme woɖe be “ɖoƒe alo ŋgɔyiyi le sɔleme ƒeƒle alo edzadzra ƒe nuvɔ̃ la” tso. New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be vevietɔ tso ƒe alafa 9 lia va ɖo 11 lia mee “ɖoƒeƒeƒle va bɔ ɖe saɖagaxɔmenɔlawo, subɔsubɔhakplɔlawo ƒe kpeɖeŋutɔwo, bisiɔpwo, kple papawo gɔ̃ hã dome.” Encyclopædia Britannica ƒe tata asiekelia (1878) gblɔ be: “Papawo ƒe ametiakpekpewo ƒe ŋutinya me dzodzro ana nusrɔ̃vi nakpɔe be womewɔ ametiatia aɖeke kpɔ si me ɖoƒeƒeƒle alo ɖoƒedzadzra menɔ o, eye zi geɖe la, ɖoƒeƒeƒle si tɔgbe yi edzi le ametiakpekpea me nye esi vɔ̃ɖi wu, esi nye ŋukpenanu wu, kple esi dze gaglã wu.”

Ele be nyateƒe Kristotɔwo nakpɔ nyuie le ɖoƒeƒeƒle alo ɖoƒedzadzra ŋuti egbea. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo adudu kafukafunyawo alo nunanawo ɖe amesiwo ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ bubuwo nasu wo si la dzi fũ. Le go bubu me la, amesiwo si ŋutete le be woana mɔnukpɔkpɔ siawo la ate ŋu awɔ nu le ameŋkumekpɔkpɔ me ɖe amesiwo naa nu wo—eye wodina zi geɖe be woana nu—la ŋu. Edze ƒã be Ŋɔŋlɔawo tsri ɖoƒeƒeƒle kple ɖoƒedzadzra siaa. Petro xlɔ̃ nu Simon be: “Trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atsɔ wò dzimesusu [“wò tame vɔ̃ ɖoɖo,” New Jerusalem Bible] la ake wò. Elabena mekpɔ wò bena, èle veve helĩhelĩ kple nu madzɔmadzɔ ƒe babla me.”—Dɔwɔwɔwo 8:22, 23.

Dzidzɔtɔe la, Simon kpɔ eƒe dzodzro vɔ̃ la ƒe vɔ̃ɖinyenye dze sii. Eɖe kuku na apostoloawo be: “Miawo la miɖe kuku na Aƒetɔ la ɖe tanye, bena nusiwo katã miegblɔ la ƒe ɖeke nagava dzinye o.” (Dɔwɔwɔwo 8:24) Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe nufiame vevi si le nuŋlɔɖi sia me dzi ale be woƒoa asa na ɖoƒeƒeƒle alo ɖoƒedzadzra ɖesiaɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe