‘Wokɔ Abe Sederti Ðe Libanon Dzi Ene’
TI siwo woyɔna be Arz Ar-rab, si gɔmee nye “Aƒetɔ la ƒe Sedertiwo” mie ɖe Libanon-to dzeaniwo dzi. Woyɔ ati gã maluxe sia si yɔ toawo ŋu tsã ƒe ŋkɔ abe zi 70 ene le Biblia me—woyɔe zi gbɔ zi geɖe wu ati bubu ɖesiaɖe.
Ŋɔŋlɔawo zã nyagbɔgblɔ “nu vevi” kple ‘nu nyui aɖe’ tsɔ ɖɔ atsyɔ̃ si le Libanon sedertiwo ŋui. (Hawo ƒe Ha 5:15; Xezekiel 17:23) Sedertiwo ƒe lolome kple alesi wonɔa anyi eteƒe didinae la wɔe be wolɔ̃a ezazã ŋutɔ le xɔtutu kple tɔdziʋuwo kpakple xɔmenuwo kpakpa me. Atia ƒe ʋeʋẽ lilili kple amadede dzĩ la na wònyoa ame ŋu ale gbegbe, eye alesi aŋetsi sɔ gbɔ ɖe eme wɔe be menyunyɔna bɔbɔe o eye nudzodzoewo mete ŋu ɖunɛ o. Atiawo ƒe kɔkɔme kple lolome ɖe dzesi ŋutɔ, wote ŋu kɔkɔna dea meta 37 eye woƒe lolome te ŋu dea meta 12, eye ke sesẽ siwo dea to ʋĩ la li na wo. Eyata mewɔ nuku o be aveŋutinunyalawo yɔ wo be woawoe nye “numiemiewo ƒe fia ɖoatsyɔ̃”!
Biblia-ŋlɔla Xezekiel tsɔ Mesia la sɔ kple sederti ƒe alɔ si Mawu ŋutɔ va do. (Xezekiel 17:22) Le nyateƒe me la, Hebrigbe me nya si me woɖe “sederti” tsoe gɔme enye “sesẽ.” Egbea la, ehiã be Mesia, Yesu Kristo, yomedzelawo nanɔ ‘tsitre sesĩe le xɔse me, asẽ ŋu’ abe sederti kɔkɔ si melɔ̃na kuna o ene. (Korintotɔwo I, 16:13) Aleke wole nusia wɔ gee? Ne wotsria ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo mesɔ na Kristotɔwo o eye wodoa dzi le nuteƒewɔwɔ kple mawusosroɖa me tamanamanae. Woɖɔ amesiwo wɔa nusia le Biblia me be wonye ‘ame dzɔdzɔe siwo kɔ abe sederti ɖe Libanon dzi ene.’—Psalmo 92:12.