INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 1/15 axa 32
  • “Miele abe Alesi Mawu Di be Míanɔ Ene”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Miele abe Alesi Mawu Di be Míanɔ Ene”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 1/15 axa 32

“Miele abe Alesi Mawu Di be Míanɔ Ene”

NE KRISTOTƆWO wɔ nu aduadu kple dziɖuɖumegãwo “le Aƒetɔ la ŋuti” la, woate ŋu akpɔ mɔ be ‘woakafu yewo le nyuiwɔwɔ ta.’ (Petro I, 2:13-15) Eteƒe medidi o Yehowa Ðasefo siwo le South Africa kpɔ nusia teƒe le nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le kɔledzi aɖe ƒe takpexɔ me la me.

Le takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, kpovitɔ siwo kpɔa dedienɔnɔ gbɔ le kɔledzia bla akpa abe alesi wowɔna ɖaa ene be yewoakpe akɔ kple kpekpevala dɔmedzoedola nugbenugbewɔlawo, abe alesi wònɔna le takpekpe bubu ƒomeviwo me ene. Gake esi womewɔ nu kple Yehowa Ðasefowo kpɔ o ta la, nukunya nyui aɖe teƒee wova kpɔ!

Abe alesi kpovitɔawo wɔa woƒe dedienɔnɔdɔwo ɣesiaɣi le agboawo nu ene la, woka ʋu ɖesiaɖe si ava kpoa dzi alo ado go me. Ewɔ mo yaa na wo ŋutɔ be togbɔ be ʋuawo me kaka he kpekpeavalawo ɖe megbe hã la, xɔlɔ̃wɔwɔ, dzigbɔɖi, kple bubudedeameŋue woɖe fia wo. Womekpɔ nyaʋiʋli, dzrehehe, kple ame dzudzu si dzɔna zi geɖe la aɖeke teƒe o. Dzɔlaawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Miawo ya miebɔbɔ mia ɖokui eye bubu dze le mia ŋu mía dometɔ ɖesiaɖe kpɔ, wòto vovo na vavala bubuwo.”

Esi kpovitɔawo ƒe tatɔ kpɔ alesi Yehowa Ðasefowo wɔa nu aduadu ko la, etso nya me be megahiã be woaka ʋuawo me o, egblɔ be, “elabena mieɖɔ ʋu ŋutɔ.” Ewɔe be woɖe mɔ na ʋu ɖesiaɖe si ŋu woklã ʋutɔɖoƒe dzesidenu si nye “JW” ɖo wògena ɖe eme eye womekaa eme o.

Esi wowu takpekpea nu la, kpovitɔawo ƒe tatɔ gblɔ be yele mɔ kpɔm be Ðasefoawo nagava kpuie. Egblɔ be: “Míekpɔ nudzeamewɔlawo alea tɔgbe kpɔ o. Miele abe alesi Mawu di be míanɔ ene.” Kafukafunya siawo ganye susu siwo ta wòle be Kristotɔ vavãtɔwo ‘nanɔ agbe nyui’ bene amewo ‘nakafu Mawu le nunyuiwɔwɔ siwo teƒe wokpɔ ta.’—Petro I, 2:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe