Ƒukpo Sue si Sa Ðe Aga
ŊKƆNYAÐƆNYA siwo wotsɔ ɖɔa St. Helena ƒukpoa zi geɖee nye “saɖaga” kple “sue.” Esia sɔ, elabena ƒukpo sia si ƒe didime nye kilometa 17 eye eƒe kekeme hã nye kilometa 10 la didi tso Afrika ƒe anyieheɣetoɖoƒe ƒuta si nye anyigba si te ɖe eŋu gbɔ la kilometa 1,950. Afisiae wova da Napoléon Bonaparte ɖo le ƒe 1815 me be wòanɔ aboyome vaseɖe eƒe kugbe.
Ne èkpɔe tso atsiaƒu gã gbanaa la dzi la, ƒukpoa dzena abe mɔ sesẽ aɖe ene. Le nyateƒe me la, enye dzoto si megawóna o eye wòdzɔ kã le Atlantik-ƒua me eye eƒe abuɖiɖi ade tso meta 500 va ɖo 700. Actaeon-to si kɔkɔ meta 818 la le titina eye eyae kɔkɔ wu le ƒukpoa katã dzi. Le Anyiehe Atlantik ya fafe si nɔa ƒoƒom enuenu kple ƒutsotsoeawo ta la, yame ƒe nɔnɔme le ƒukpoa katã kloe dzi fa nyuie. Gake tso ƒua to yi keke ƒukpoa ƒe nutotroeme si towo le la, yame ƒe nɔnɔme vovovo kple numiemie vovovoe li.
St. Helena le Britaintɔwo ƒe ŋusẽ te tso ƒe alafa 17 lia ƒe nuwuwu lɔƒo ke. Edzinɔla siwo ade ame 5,000 kloe la nye Europatɔwo, Asiatɔwo, kple Afrikatɔwo ƒe dzidzimeviwo. Wodoa Eŋlisigbe le ƒukpo bliboa dzi, gake alesi woƒe nuƒoƒo ɖina la to vovo. Yameʋudzeƒe aɖeke mele afisia o; mɔzɔzɔ ƒe kadodo si le wo kple xexeame ƒe akpa bubuwo dome koe nye be woaɖo meli siwo dea South Africa kple England edziedzi. Le nyateƒe me la, ƒe 1990 ƒeawo domedome koe yamenutomemɔ̃ wɔe be wote ŋu kpɔa television.
Le ƒe 1930 ƒeawo ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ɖo anyigba sia dzi zi gbãtɔ. (Mateo 24:14) Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ƒukpoadzinɔla geɖe xɔ nu xɔasi sia si nana ŋutilãmenuwo dzena numaɖinuwoe. (Mateo 6:19, 20) Egbea ne womã amesiwo le St. Helena ɖe gbeƒãɖelawo nu la, Ðaseƒo ɖeka axɔ ame 31 le mamã dedie nu, enye mamã si nyo wu ɖesiaɖe le xexeame katã!
[Anyigbatata siwo le axa 24]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
St. Helena
JAMESTOWN
Levelwood
AFRIKA
ATLANTIK ƑUA
St. Helena