Ŋkeke Si Dzi Wòle Be Woaɖo Ŋkui
Le fiẽ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, etsɔ abolo maʋãmaʋã kple kplu si me wein le de asi na eƒe apostolowo eye wògblɔ na wo bena woaɖui eye woanoe. Egblɔ na wo hã be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—Luka 22:19, NW.
Nudzɔdzɔ sia ƒe ŋkuɖodzizã dze Yawoɖa, April 1 dzi, le ƒe sia me, le ɣeɖoto megbe. Yehowa Ðasefo siwo le xexeame godoo aƒo ƒu le fiẽ tɔxɛ sia me aɖu Ŋkuɖodzi sia abe alesi tututu Yesu be woawɔe ene. Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàwɔ ɖeka kpli mí. Taflatse bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be woagblɔ teƒe si woawɔ kpekpe tɔxɛ sia le kple game si tututu woawɔe na wò.