INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 4/1 axa 32
  • Dumegãwo Kafu Ðasefowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dumegãwo Kafu Ðasefowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 4/1 axa 32

Dumegãwo Kafu Ðasefowo

LE Cádiz si nye melidzeƒe si gbɔ didi kilometa 500 tso Madrid ƒe anyieheɣetoɖoƒe le Spain la, dudzikpɔla Doña Teófila Martínez tsɔ atsyɔ̃ɖonu (si ƒe foto le etame) na Yehowa Ðasefowo. Edzi nyawo xlẽ ale: “Tso Cádiz-duxɔdzikpɔlawo gbɔ na Yehowa Ðasefowo le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe woƒe nuwɔwɔ aduadu kple agbagbadzedze ɖe du sia ŋu ta.” Nukae Ðasefoawo wɔ si na wode bubu sia wo ŋu?

Wotsɔe na Ðasefoawo ɖe dɔ si wowɔ tsɔ dzra dua ƒe nutome lãmesẽfefewɔƒea ƒe akpa aɖe ɖoe ta. Ðasefo alafa geɖe tsɔ wo ɖokui na faa wɔ dɔ le kwasiɖanuwuwu geɖe tsɔ na kpekpeɖeŋu wodzra Carranza-bɔlƒoƒea ƒe afɔdzixɔwo ƒe anyigba ɖo. Fifia pɔmpi siwo wode, asiklɔƒewo, kple anyigba si wowɔ yeyee la ɖea vi na amesiwo katã zãa bɔlƒoƒea.

Ƒomedodo nyui aɖe le Yehowa Ðasefowo kple Cádiz-dua dzi kpɔlawo dome ɣeyiɣi aɖee nye sia. Dua dzi kpɔlawo ɖea asi le Carranza-bɔlƒoƒea ŋu na Ðasefowo wowɔa woƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpe le afima. Eyata edzɔa dzi na Ðasefoawo be woawɔ nusi woate ŋui atsɔ kpe asi ɖe eŋu be woadzra bɔlƒoƒea ɖo nyuie.

Gake tsɔ kpe ɖe dɔ siawo siwo Yehowa Ðasefowo wɔna ɣeaɖewoɣi ŋu la, woyia dugã la ƒe nutowo me edziedzi ɖadoa alɔ amewo le mɔ bubu nu. Woɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti ‘nyanyuia.’ Le nyateƒe me la, womewɔa woƒe dutoƒodɔa be yewoaxɔ kafukafu tso amewo gbɔ o. Enye wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi be woaɖe gbeƒã ‘fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia’ eye woawɔ “dukɔwo katã [me tɔwo, NW] ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 24:14; 28:19) Yehowa Ðasefowo kpɔ mɔ be yewoato mɔ sia nu akpe ɖe nutoa me tɔwo ŋu to nufiafia amewo “le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi.”—Lododowo 12:28.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe