INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 4/15 axa 30
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa?
    Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa?
  • Xɔxɔgbe Lae Nye Esi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 4/15 axa 30

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

◻ Nukata Paulo ƒe nyagbɔgblɔ si nye “ame dɔdɔwo le Kristo teƒe” sɔ na Kristotɔ amesiaminawo nyuie? (Korintotɔwo II, 5:20)

Le blema ɣeyiɣiwo me la, dzrewɔɣiwo koŋue wodɔa ame dɔdɔwo ɖa be woakpɔe ɖa be woate ŋu aƒo asa na aʋawɔwɔ hã. (Luka 14:31, 32) Esi ameƒomea ƒe xexeame si me tɔwo nye nuvɔ̃mewo te ɖe aga tso Mawu gbɔ ta la, edɔ eƒe ame dɔdɔ siwo wosi ami na la ɖa be woagblɔ ɖoɖo siwo le esi na ɖekawɔwɔ na wo, eye woade dzi ƒo na wo be woawɔ ŋutifafa kple Mawu.—12/15, axa 18.

◻ Nu ene kawoe do ŋusẽ Abraham ƒe xɔse?

Gbã, ewɔ ɖe nya siwo Mawu gblɔ dzi tsɔ ɖee fia be yexɔ Yehowa dzi se (Hebritɔwo 11:8); evelia, kadodo kplikplikpli aɖe nɔ eƒe xɔse kple eƒe mɔkpɔkpɔ dome (Romatɔwo 4:18); etɔ̃lia, Abraham ƒo nu kple Yehowa edziedzi; kple enelia, Yehowa kpe ɖe Abraham ŋu esi wòwɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi. Nu mawo ke ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse egbea.—1/1, axa 17, 18.

◻ Nukae nyagbɔgblɔ si nye “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o” fia? (Mateo 6:13)

Míele Mawu biam be megana míado kpo nu ne wote mí kpɔ be míagbe toɖoɖoe o. Yehowa ate ŋu afia mɔ mí be míagana ta o eye be Satana, “vɔ̃ɖitɔ la,” ƒe asi nagasu mía dzi o. (Korintotɔwo I, 10:13)—1/15, axa 14.

◻ Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nukae wòle be wòawɔ be wòakpɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke?

Ele be dzimetɔtrɔ kple ‘kutsetse siwo dze dzimetɔtrɔ’ nakpe ɖe nuvɔ̃meʋuʋu ŋu. (Luka 3:8) Dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔme kple didi be míaɖɔ nu gbegblẽa ɖo hã aʋã ame be wòadi gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemegãwo gbɔ. (Yakobo 5:13-15)—1/15, axa 19.

◻ Nukatae wòle be míadze agbagba be míanye ɖokuibɔbɔlawo?

Ðokuibɔbɔla gbɔa dzi ɖi eye wòdoa dzi eye mebua eɖokui gãe akpa o. Ðokuibɔbɔ ana nàkpɔ xɔlɔ̃ vavã siwo lɔ̃ wò. Vevietɔ la, ana be Yehowa nayra wò. (Lododowo 22:4)—2/1, axa 7.

◻ Vovototo vevi kae le Yesu ƒe ku kple Adam tɔ dome?

Adam dze na eƒe kua, elabena ɖe wòɖoe gbe toɖoɖo Ewɔla. (Mose I, 2:16, 17) Gake Yesu ya medze na ku le go aɖeke me o, elabena “mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.” (Petro I, 2:22) Eyata esime Yesu ku la, nane si ŋu asixɔxɔ gã aɖe ŋutɔ le nɔ esi, si menɔ Adam si le eƒe kuɣi o—eyae nye amegbetɔ ƒe agbe deblibo ƒe gomenɔamesi. Eyata vɔsa ƒe asixɔxɔ nɔ Yesu ƒe kua ŋu wòtsɔ xe tafe ɖe ameƒomea ta.—2/15, axa 15, 16.

◻ Le Xezekiel ƒe ŋutega si nye nyagblɔɖi me la, nukae dugã la tsi tre ɖi na?

Esi dua le anyigba si wodo gui (makɔmakɔ) titina ta la, ele be wòanye nane si le anyigba dzi. Eyata edze abe etsi tre ɖi na dɔdzikpɔkpɔ le anyigba dzi si ɖea vi na amesiwo katã ava nye ame dzɔdzɔewo ƒe habɔbɔ si le anyigba dzi la me tɔwo ene.—3/1, axa 18.

◻ Nukatae Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo esi wonɔ ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotozã la ɖum?

Menye afɔkɔklɔ si azu kɔnu ɖom anyi Yesu nɔ o. Ke boŋ ɖe wònɔ kpekpem ɖe eƒe apostoloawo ŋu be tamesusu ƒe nɔnɔme yeye nasu wo si—esi nye ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ faa be woawɔ dɔ si le tsɛ wu na wo nɔviwo.—3/1, axa 30.

◻ Le míaƒe nufiafia me la, nukae le vevie wu míaƒe dzɔdzɔmeŋutetewo?

Nɔnɔme siwo le mía si kple gbɔgbɔmenuwɔna siwo míetu ɖo lae míaƒe nusrɔ̃viwo ate ŋu asrɔ̃. (Luka 6:40; Petro II, 3:11)—3/15, axa 11, 12.

◻ Aleke dutoƒonuƒolawo awɔ woƒe Ŋɔŋlɔawo xexlẽ nanyo wu?

To esɔsrɔ̃ ɖaa mee. Ẽ, ne woxlẽa nu sesĩe zi gbɔ zi geɖe vaseɖe esime woate ŋu axlẽe wòazɔ tẽ. Ne Biblia ƒe kasɛtwo li la, anyo be nàlé to ɖe alesi nuxlẽla la tea gbe ɖe gɔmesesea dzi kple alesi wòkɔa gbe dzi hebɔbɔnɛ eye nàde dzesi alesi wòyɔa ŋkɔwo kple nya siwo mebɔ o.—3/15, axa 20.

◻ Mɔ ka nue ‘gbɔgbɔ la gbugbɔ yia Mawu gbɔ le’ nenye be ame ku? (Nyagblɔla 12:7)

Esi agbeŋusẽe gbɔgbɔ nye ta la, ‘egbugbɔ yia Mawu vavã la gbɔ’ le gɔmesesea nu be agbe si ame ma agava nɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe le Mawu ɖeɖeko si me. Mawu koe ate ŋu agade gbɔgbɔa, alo agbeŋusẽa eme, si ana ame nagbɔ agbe. (Psalmo 104:30)—4/1, axa 17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe