INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 6/1 axa 8
  • “Mawu Gbɔ la Woate Ŋu Awɔ Nusianu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mawu Gbɔ la Woate Ŋu Awɔ Nusianu”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • “Yehowa, Èke Ðe Ŋunye!”
    Nyɔ!—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 6/1 axa 8

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

“Mawu Gbɔ la Woate Ŋu Awɔ Nusianu”

NYA si dze le etame si le Mateo 19:26 la nye nyateƒe le ɖetugbi aɖe si le Venezuela gome. Esi wòva nya alesi wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, ete ŋu ɖu kuxi sesẽ aɖe dzi. Egblɔ be:

“Mamanye ƒe dɔme nyo ŋutɔ eye wòlɔ̃a ame. Nublanuitɔe la, ƒe 16 koe mexɔ esime wòku. Eƒe kua ɖe fu nam ŋutɔ. Ena metɔtɔ eye nyemegadina be mado le xɔme ayi xɔxɔnu gɔ̃ hã o. Meva zu amesi megayia amewo dome o kloe.

“Nyemede suku alo srɔ̃ dɔ o. Nye xɔme koe menɔna. Esi metsi akogo eye xɔlɔ̃ aɖeke mele asinye o ta la, melé blanui vevie. Mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o eye medi be maku ne nye agbe nu natso. Mebiaa ɖokuinye edziedzi be: ‘Nukatae mele agbe ɖo?’

“Danye xɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo tsoa Ðasefo sɔhɛ si ŋkɔe nye Gisela gbɔ. Gbeɖeka danye kpɔ Gisela wòva to míaƒe aƒea gbɔ yina eye wòbiae ne ate ŋu akpe ɖe ŋunye. Gisela lɔ̃ be yeatee kpɔ, gake megbe be nyemado ava kpɔe o. Esia mena Gisela na ta o. Eŋlɔ lɛta nam be yedi be yeanye xɔ̃nye eye be ame aɖe si le vevie sã wu ye hã di be yeadze xɔ̃m. Egblɔ be ame mae nye Yehowa Mawu.

“Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ eyata meɖo eƒe lɛtaa ŋu nɛ. Míeŋlɔ lɛta na mía nɔewo ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Le Gisela ƒe nyaƒoɖeamenu kple nuxɔxlɔ̃ geɖe megbe la, dzi te ŋu ɖo ƒonye mlɔeba be mado goe. Esi míedo go zi gbãtɔ la, Gisela zã Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ƒe agbalẽa tsɔ srɔ̃ Biblia kplim. Le nusɔsrɔ̃a megbe la, ekpem be mava kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata si le mía gbɔ me. Nya sia dzem kpo. Ƒe ene enye esia si nyemegado le aƒeme kpɔ o, eye ne mebu alesi mado azɔ ablɔ dzi ŋu la, edoa ŋɔdzi nam.

“Gisela gbɔ dzi ɖi nam ŋutɔ. Eka ɖe edzi nam be naneke meli si ta wòle be mavɔ̃ ɖo o, eye egblɔ be yeakplɔm míayi kpekpea ɖekae. Melɔ̃ ɖe edzi mlɔeba. Esi míeɖo Fiaɖuƒe Akpataa me la, meva nɔ ƒoƒom eye fifia ƒo ɖe dzinye. Nyemete ŋu do gbe na ame aɖeke o. Gake melɔ̃ be mayi edzi anɔ kpekpeawo dem, eye Gisela wɔ ɖe eƒe nya dzi va kplɔam kwasiɖa sia kwasiɖa.

“Be wòakpe ɖe ŋunye maɖu nye vɔvɔ̃ dzi ta la, Gisela va kplɔam yia kpekpeawo kaba. Míetsia tsitre ɖe ʋɔtrua nu doa gbe na amesiame si va. Esia na medzea ŋgɔ ame ɖeka alo eve le ɣeyiɣi ɖeka me tsɔ wu be madze ŋgɔ ameha gbogbowo zi ɖeka. Ne mese le ɖokuinye me be nyemagate ŋui o la, Gisela yɔa nya tsoa Mateo 19:26 gblɔna nam be: ‘Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.’

“Togbɔ be menɔ bɔbɔe nam o hã la, mete ŋu yi ƒuƒoƒo si lolo wu me mlɔeba le nutome sue takpekpe aɖe me. Afɔɖeɖe gã ka gbegbee nye si esia nye nam! Le September 1995 me la, melé dzi ɖe ƒo ƒo nu kple hamemegãwo tso nye didi be makpɔ gome le tso ʋɔtru nu yi ʋutru nu ƒe subɔsubɔdɔa me. Ɣleti ade megbe, le April 1996 me la, meɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me.

“Esi ame aɖe biam nyitsɔ laa be aleke nèwɔ hafi kpɔ dzideƒo wɔ esia la, meɖo eŋu nɛ be: ‘Nye didi be madze Yehowa ŋu lolo wu nye vɔvɔ̃.’ Togbɔ be megaléa blanui ɣeaɖewoɣi hã la, mekpɔa dzidzɔ wu le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ta. Ne metrɔ kpɔ megbe la, ele be malɔ̃ ɖe Gisela ƒe nyawo dzi. Fifia Xɔlɔ̃ si tsɔa ɖe le eme nam eye ‘wòdoa ŋusẽm’ la le asinye.”—Filipitɔwo 4:13.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

“Nye didi be madze Yehowa ŋu lolo wu nye vɔvɔ̃”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe