INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 7/15 axa 32
  • Zɔhɛ Nyuiwo Tiatia Ŋuti Mɔfiame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zɔhɛ Nyuiwo Tiatia Ŋuti Mɔfiame
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 7/15 axa 32

Zɔhɛ Nyuiwo Tiatia Ŋuti Mɔfiame

NYATAKAKA aɖe si le Reader’s Digest me gblɔ be sɔhɛwo dia awudodo kple hadzidzi ŋuti mɔfiamewo tsoa wo hatiwo gbɔ tsɔ wu wo dzilawo gbɔ. Eyata ele vevie na dzilawo be woanya amesiwo wo viwo dea ha kpli kple teƒe si wole.

Esmé van Rensburg si nye susuŋutinunyafialawo ƒe tatɔ le South Africa yunivɛsiti aɖe gblɔ be: “Enye wò agbanɔamedzi be nàwɔ numekuku.” Egblɔ kpee be: “Nusiwo ate ŋu adzɔe nye be viwòa ado dziku ɖe ŋuwò, gake woadze akɔ anyi.” Emegbe etsɔ nya siwo kplɔe ɖo ɖo afɔ afɔta na dzilawo. Ele be susu nanɔ sewo dede me eye woatui ɖe gɔmeɖose siwo me kɔ nyuie dzi; lé to ɖe viwòa ƒe nyawo ŋu; megawɔ nu wòagbɔ eme o, ke boŋ lé ɖokuiwò, eye nànya nya si nèdi be yeagblɔ. Ne viwòa dze xɔ̃ ame aɖe si medze o xoxo la, ƒo nu tso nuwɔna gbegblẽ siwo do tso xɔlɔ̃dzedzea me ŋu tsɔ wu be nàgbe nɛ ko be megade ha kplii o.

Aɖaŋu nyuiwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me na dzilawo tso gbaɖegbe ke. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “[Ðe] abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu nyui sia le zɔhɛwo tiatia hã ŋu: “Ne èzɔ kple nunyala la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Kpeɖeŋu siawo ɖe nunya si li na amesiwo tsɔa ŋudzedzekpɔkpɔ xlẽa Biblia hetsɔa nusiwo wògblɔ la wɔa dɔe le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me fia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe