Vovototodedeameme Kple Mawusubɔsubɔ
ESI Time magazine talawo bia gbe Mark Mathabane, agbalẽtala si nye South Africa-vidzidzi la, egblɔ be: “Esi meva United States le ƒe 1978 me la, mesusui be Amerika kpɔ eƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ƒe vovototodedeameme kuxiwo gbɔ eye be ameyibɔwo sɔ kple dukɔmevi mamlɛawo. Mekpɔe be ele alea le nu geɖe me. Edze abe ɖe United States tsɔ ƒe alafa ɖeka le ŋgɔ na South Africa ene. Gake emegbe dzidzi ƒom esi meva kpɔe be menye ɖe nuwo trɔ le amewo ƒe dzi me ale o.” Nukae na wòde dzesi nu dovoɖiname sia?
Mathabane gblɔ be: “Gaƒoƒo si me wodea vovototo ŋutigbalẽ ƒe amadede le wu le Amerika dometɔ vevi ɖekae nye Kwasiɖagbe ŋdi ga 11.” Ede dzesii be le sɔleme kura gɔ̃ hã la, amewo medina be yewoawɔ ɖeka kple amesiwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo na yewo tɔ le mawusubɔsubɔ me o. Ebia be: “Ekema aleke woase le wo ɖokui me le kwasiɖaa ƒe ŋkeke bubuwo dzi?” Esi Mathabane nɔ gbe tem ɖe edzi be nufiamee nye nusi aʋã amewo ne woawɔ tɔtrɔ la, egblɔ be: “Nufiame ana woalɔ̃ ɖe amegbetɔwo katã ƒe sɔsɔ kple wo nɔewo dzi.”
Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe edzi be nufiame dzie wòato, gake nufiame si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi koŋue wokafuna. Nyateƒee, Biblia kpena ɖe wo ŋu womebua nazã ɖe amesiwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo na wo tɔ ŋu o—le dukɔ siwo me ameƒomevi vovovo dome fuléle bɔ ɖo kura gɔ̃ hã me. Ameƒomevi vovovo kple dukɔ vovovo me tɔwo ƒoa ƒu ɖekae ɖe woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me kwasiɖa sia kwasiɖa be woafia Mawu ƒe Nya, Biblia, me sewo kple gɔmeɖosewo yewo. Womedzɔa ga le amewo si le kpekpe siawo me o. Míele kpewòm be nàde!