Èlɔ̃ Agbea?
“MINA makpɔ kekeli la.” Nya mawoe wobe Italy hakpanyaŋlɔla Giacomo Leopardi gblɔ na amesiwo nɔ egbɔ kpɔm ɣeyiɣi kpui aɖe hafi wòaku. Nya mawo fia alesi gbegbe amegbetɔ lɔ̃ agbe, si wotsɔ kekeli wɔ eƒe kpɔɖeŋui.
Agbelɔlɔ̃ nye seselelãme xɔasi si na ame akpa gãtɔ ƒoa asa na afɔkuwo eye wowɔa nusianu si woate ŋui be yewoakpɔtɔ anɔ agbe. Le go sia me la, amegbetɔ meto vovo boo tso lãwo, siwo hã si agbenɔnɔ ŋuti lãmenusese sẽŋu le gbɔ o.
Gake agbe ka ƒomevie nyo woanɔ ahalɔ̃? Menye anyinɔnɔ dzro—ya gbɔgbɔ kple ʋaʋã—ko o. Nenema ke dzidzeme vavãtɔ metsoa nu sɔgbɔ didi kabakaba alesi woate ŋui me o. Zi geɖe la, Epikuro ƒe xexemenunya si nye “[mina] míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge” mehea dzidzeme vɛ o. (Korintotɔwo I, 15:32) Togbɔ be enye nyateƒe be ŋutilãmenuhiahiã vevi geɖe le amegbetɔ ŋu hã la, egatsia dzi ɖe dekɔnu kple hadomenuwɔnawo ŋu, eye gbɔgbɔmenuhiahiã siwo do ƒome kple Ame aɖe si Ƒo Nusianu Ta dzixɔxɔse hã le eme. Nublanuitɔe la, ame miliɔn alafa geɖe, alo biliɔn geɖe gɔ̃ hã, mesea vivi aɖeke le agbe me o, le hadome kple yamenutome ƒe nɔnɔme wɔnublanui si le xexeame ƒe akpa geɖe ta. Amesiwo tsia dzi ɖe woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ko didi ŋu—ɖe nuɖuɖu, nunono, kple nunɔamesiwo didi, alo kɔɖiɖi na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo ŋu—ɖi lãwo le mɔ aɖe nu, eye womekpɔa dzidzeme boo aɖeke tsoa eme o. Le nyateƒe me la, womewɔa nusiwo le vevie wu le agbe me ŋudɔ be wòasɔ ɖe amegbetɔ ƒe susu kple seselelãme nuhiahiãwo nu o. Gawu la, menye ɖeko amesiwo dina be yewoaɖi kɔ na yewoƒe nudzodzrowo doa kpo viɖe vavãtɔ kpɔkpɔ le agbe me ko o, ke wogblẽa nu hã le amesiwo dome wole ŋu, eye womewɔa nusiwo aɖe vi na ame bubuwo o.
Ʋɔnudrɔ̃la aɖe si kpɔa ɖevi mawɔsedziwo ƒe nya gbɔ ɖo kpe nya sia dzi esi wògblɔ be zi geɖe la, “asixɔxɔ mademade nu veviwo ŋu, ame maɖɔʋuwo dodo ɖe dzi, kple hokpɔkpɔ kaba fukpekpemanɔmee ƒe mɔnuwo dea hoʋiʋligbɔgbɔ si gbɔ eme ƒe dzi ƒo.” Esia na wonɔa agbe si gblẽa nu le amegbetɔƒomea ŋu, eye wògblẽa sɔhɛwo, vevietɔ ne wozãa atikevɔ̃ɖiwo.
Ènya be nu dzroame geɖe le agbe me—siwo nye mɔzɔzɔ yi teƒe dodzidzɔnamewo, nuxexlẽ alo numekuku dodzidzɔnamewo, hadede viviwo, kple hadzidzi viviwo. Azɔ dɔwɔna bubuwo hea dzidzeme gãwo kple suewo vɛ. Nu bubuwo gali siwo ta wòle be amesiwo xɔ Mawu dzi se, vevietɔ Biblia ƒe Mawu Yehowa dzi se, nalɔ̃ agbe. Xɔse vavãtɔ nye ŋusẽ kple dzidzeme blibo tsoƒe si ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woanɔ te le ɣeyiɣi sesẽwo me. Amesiwo xɔ Mawu vavãtɔ dzi se ate ŋu atsɔ dzideƒo agblɔ be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o.” (Hebritɔwo 13:6) Amesiwo nya nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu sena le wo ɖokui me be elɔ̃ yewo. Woawo hã wolɔ̃nɛ, eye wokpɔa dzidzɔ geɖe tso eme. (Yohanes I, 4:7, 8, 16) Woate ŋu anɔ agbe si me ɖokuitɔdidi mele o si ana woakpɔ dzidzeme. Ele ko abe alesi Yesu Kristo gblɔe ene be: ‘Dzidzɔ le nana me wu xɔxɔ.’—Dɔwɔwɔwo 20:35.
Nublanuitɔe la, agbe si li fifia ƒe akpa bubu aɖe gali. Fukpekpe, numadzɔmadzɔwɔwɔ, ahedada, dɔléle, kple ku bɔ—wonye nusiwo na wosea veve, si wɔnɛ be agbe mevivina o la dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Nusiwo na wokpɔa dzidzɔ dometɔ aɖeke meli si menɔ blema Israel Fia Salomo, amesi si ga, ŋusẽ, kple nunya nɔ, la si o. Gake nane ɖe fu nɛ—enya be ne yeku la, yeagblẽ nusiwo katã yetsɔ ‘agbagbadzedze, nunya, gɔmesese kple aɖaŋu’ ƒo ƒui la ɖi na ame bubu.—Nyagblɔla 2:17-21.
Abe Salomo ene la, ame geɖe nya alesi agbe le kpuie eye enu va yina kabae. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Mawu de ‘mavɔmavɔnyenye susu me na mí.’ (Nyagblɔla 3:11) Mavɔmavɔnyenye ƒe susu sia na amegbetɔ bua tame le alesi agbe le kpuie ŋu. Mlɔeba la, ne womekpɔ numeɖeɖe siwo me kɔ le agbe kple ku ŋu o la, ate ŋu ana kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ nabu ɖe ame. Esia ate ŋu ana ame ƒe agbe nawɔ nublanui.
Ðe ŋuɖoɖowo li na biabia siwo ɖea fu na amegbetɔa? Ðe nɔnɔme siwo me woakpɔ dzidzɔ ahanɔ agbe didi wu le ava gbaɖegbea?