INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/15 axa 29
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Amesi Le Exlẽm La, Nese Egɔme”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Na Yehowa Nanye Amesi Ŋu Nèɖoa Ŋu ɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ƒomewo, Mikafu Mawu Le Eƒe Hamea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Amesiame Avo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/15 axa 29

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèkpɔ be Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa ɖe vi na ye ŋutɔŋutɔa? Ekema nukata matsɔ biabia siwo gbɔna ado wò susu akpɔ o:

◻ Biabia eve kawoe kpe ɖe Kristotɔ siwo dze ŋgɔ dɔwɔɖui ŋuti nyametsotso wɔwɔ ŋu be wotso nya me na wo ɖokui?

Biabia vevi gbãtɔe nye: Ðe woƒo nu tsi tre ɖe dɔwɔna ma ŋu le Biblia mea? Biabia eveliae nye: Ðe dɔa wɔwɔ ana amea nanye gomekpɔla le nuwɔna gbegblẽa mea?—4/15, axa 28.

◻ Susu ka nue ‘wobɔbɔ nuwɔwɔ si nye amegbetɔ ɖe gbegblẽ te’ le? (Romatɔwo 8:20)

Mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, ƒe nuwɔnawo tae “wobɔbɔ” mí “ɖe gbegblẽ la te” ɖo. Menye “[mía] ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu” alo tiatia si mía ŋutɔwo míewɔ gbɔe esia tso o. Ðe míenyi míaƒe nɔnɔmea dome. Togbɔ be blibomademade, nuvɔ̃ kple ku koe le mía dzila gbãtɔwo si woate ŋu ana hã la, le nublanuikpɔkpɔ me Yehowa ɖe mɔ na wo be woadzi viwo. Ku va to amewo katã dzi yi, eyata susu sia nue Mawu ‘bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te’ le.—5/1, axa 5.

◻ Nukatae susu le eme be míagblɔ be “aƒedo ƒe ŋunyɔnu si tsi tre ɖe kɔkɔeƒe la” ƒe emevava gale ŋgɔ? (Mateo 24:15)

Le blema kpɔɖeŋua me la, Aʋafia Gallus si nɔ ŋgɔ na Romatɔwo woho aʋa le ƒe 66 M.Ŋ. me ye míekpɔ be eyae nye ‘ŋunyɔnua ƒe tsitretsitsi ɖe kɔkɔeƒea.’ Nusi sɔ kple aʋahoho ma egbea—si anye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze—kpɔtɔ le ŋgɔ. (Mateo 24:21) Eyata “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” la mekpɔ tsi tre ɖe kɔkɔeƒe la haɖe o.—5/1, axa 16, 17.

◻ Aleke vifofo kple vidada siwo nye dɔwɔlawo awɔ akpɔ ɣeyiɣi na wo viwo?

Vidada si ŋkekea ƒe dɔ naa ɖeɖi tea eŋu ate ŋu abia tso viawo si be woakpe ɖe ye ŋu yewoaɖa nu. Vifofo si si nu geɖe le wòawɔ le kwasiɖanuwuwuwo ate ŋu awɔ dɔ mawo dometɔ aɖewo kple viawo.—5/15, axa 6.

◻ Nukae wòle be amesiwo ‘zɔna le Yehowa ƒe mɔ’ dzi nawɔ? (Yeremya 7:23)

Yehowa ƒe mɔwo dzi zɔzɔ bia nuteƒewɔwɔ—eɖoɖo kplikpaa be míasubɔ eyama ɖeɖeko. Ebia kakaɖedzi—xɔsenɔamesi blibo be woate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu eye be woava eme. Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ bia toɖoɖo—wɔwɔ ɖe eƒe sewo dzi, dzedze ɖe ɖusi alo mia me manɔmee, kple eƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi wɔwɔ. (Psalmo 11:7)—5/15, axa 14.

◻ Agbanɔamedzi vevi ene kawoe ‘nunana siwo nye amewo’ ate ŋu atsɔ? (Efesotɔwo 4:8)

Woate ŋu aɖɔ mí ɖo le dɔmefafa me, atu mí ɖo lɔlɔ̃tɔe, woana ɖekawɔwɔ nanɔ mía dome le hamea me, eye wokpɔa mía ta dzideƒotɔe. (Efesotɔwo 4:12-14)—6/1, axa 14.

◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe zɔzɔ kple amesiwo ade alafa ɖeka siwo woyɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa kple eƒe lɛtawo me la me?

Ele be míawɔ dɔ kple Mawu ƒe habɔbɔa ɣesiaɣi, kple hame si me míele, eye kple mía hati xɔsetɔwo. Míehiã woƒe kpekpeɖeŋu kple akɔfafa le ɣeyiɣi nyui kple vɔ̃wo me.—6/1, axa 31.

◻ Nuŋububu mɔnu etɔ̃ kawoe woate ŋu atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woabu tame le Wɔla la ŋu?

Alesi nuwo le ɖoɖo nu le xexe si lolo ŋutɔ la me, alesi agbe wɔ va dzɔ le anyigba dzi, kple alesi amegbetɔ ƒe susu nye nu tɔxɛ si te ŋu wɔa nu vovovo si ŋu ɖikeke aɖeke mele o.—6/15, axa 18.

◻ Nukata wòhiã nenema gbegbe be woase Wɔla la ƒe ŋkɔ gɔme?

Mawu ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme” eye eɖo kpe edzi be eɖoa tame eye wòwɔa edzi hã. To eƒe ŋkɔa nyanya kple ezazã me la, míate ŋu adze sii nyuie wu be ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi eye wònaa eƒe tameɖoɖowo vaa eme.—6/15, axa 21.

◻ Aleke Ðeviwo ate ŋu akpɔ gome le ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ mee?

Ne anya wɔ la, kpɔ egbɔ be Biblia kple magazine si srɔ̃m miele la le ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe si. Woate ŋu ana ɖevi suea naƒo nu tso nɔnɔmetata si dze le nusɔsrɔ̃a me ŋu, eye woate ŋu ade ŋɔŋlɔ aɖe xexlẽ asi na ɖevi sue do ŋgɔ. Woate ŋu adee asi na ɖevi si tsi wu be wòagblɔ nɔnɔme siwo me woate ŋu azã nusɔsrɔ̃a me nyawo le.—7/1, axa 15.

◻ Taɖodzinu kawo gbɔe ƒome adi be yeaɖo ne wole dzadzram ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu?

(1) Ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nadzra ɖo be yeaɖo nya ŋu le kpekpewo me; (2) amesiame nadze agbagba be yeaɖo nya ŋu le ye ŋutɔ yeƒe nyagbewo me; (3) woazã ŋɔŋlɔawo le nyaŋuɖoɖo me; kple (4) woade ŋugble le alesi woazã nyatia le woawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ mee ŋu.—7/1, axa 20.

◻ Nu vevi kae naa srɔ̃ɖeɖe me nyona?

Nu vevi si ana woake ɖe dzidzɔ si le srɔ̃ɖeɖe nyui me ŋu ahase vivi le emee nye dzeɖoɖo tuameɖowo. Esia fia seselelãmewo kple susuwo gbɔgblɔ na ame nɔewo. Eye dzeɖoɖo nyui kuna ɖe nusiwo tua ame ɖo, doa ŋusẽ ame, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo dze na kafukafu, kple nusiwo faa akɔ na ame ŋu. (Efesotɔwo 4:29-32; Filipitɔwo 4:8)—7/15, axa 21.

◻ Nukae nye ‘Yehowa ƒe mɔ’? (Psalmo 25:8, 9, 12)

Eyae nye lɔlɔ̃ ƒe mɔ la. Wotui ɖe nusi dze le Mawu ƒe dzidzenuwo nu wɔwɔ dzi. Biblia yɔ lɔlɔ̃ si nɔ te ɖe gɔmeɖose dzi sia ŋudɔwɔwɔ be “mɔ nyuitɔ.” (Korintotɔwo I, 12:31)—8/1, axa 12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe