‘Wovɔ̃ Mawu Vavã La’
ESI Israel-viwo nɔ kluvinyenye me le Egipte la, wona Sifra kple Pua, siwo nye Hebritɔwo ƒe vixelawo ge ɖe nɔnɔme sesẽ aɖe me. Esi Farao te kpɔ be yeana alesi amedzroviawo nɔ dzidzim ɖe edzi kabakabae nu natso la, ede se na nyɔnu siawo be: “Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnu aɖe, eye miekpɔ . . . bena, ŋutsuvie la, ekema miawui.”—Mose II, 1:15, 16.
Sifra kple Pua ‘vɔ̃ Mawu vavã la,’ eyata wolé dzi ɖe ƒo eye “womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o.” Ke boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe, togbɔ be nuwɔwɔ dzideƒotɔe alea ate ŋu ana woaɖo afɔku me hã. Yehowa ‘wɔ nyui na vixelaawo’ eye wòɖo woƒe agbeɖeɖedɔa teƒe na wo.—Mose II, 1:17-21.
Nuŋlɔɖi sia ɖo kpe edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo subɔnɛ ŋu. Togbɔ be Sifra kple Pua wɔ nu dzideƒotɔe hã la, anye ne ate ŋu abu woƒe nuwɔnaa be enye kpekpeɖeŋunadɔ aɖe ko hafi. Elabena ne míebu eŋu kpɔ la, nyɔnu tagbɔnɔsitɔ aɖeke mawu vidzĩwo o! Ke hã ɖikeke mele eme o be Yehowa bu alesi le amegbetɔvɔvɔ̃ ta ame aɖewo wɔ nu dziŋɔwo la ŋu kpɔ. Enya be menye amegbetɔwo ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖeɖekoe ʋã vixela siawo o, ke boŋ mawuvɔvɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ hãe.
Aleke gbegbe míate ŋu akpɔ dzidzɔ enye si be Mawu si kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe nuteƒewɔwɔwo ŋu la subɔmee míele! Nyateƒee, ɖewohĩ mía dometɔ aɖeke medze ŋgɔ xɔse ƒe dodokpɔ si va Sifra kple Pua dzi kpɔ o. Ke hã ne míeɖoe kplikpaa be míawɔ nu dzɔdzɔe—eɖanye le suku, le míaƒe dɔwɔƒe, alo le nɔnɔme bubu ɖesiaɖe me o,—Yehowa mebua míaƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ la nu tsɛe o. Ke boŋ “enye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Ẽ, “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.