INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 11/15 axa 32
  • “Esi Meɖi Tsa Yi Fiaɖuƒe Akpata Me”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Esi Meɖi Tsa Yi Fiaɖuƒe Akpata Me”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 11/15 axa 32

“Esi Meɖi Tsa Yi Fiaɖuƒe Akpata Me”

Wode dɔ asi na Laura,a si nye kɔledzivi aɖe be wòaɖi tsa ayi subɔsubɔha aɖe ƒe tadeaguƒe eye wòaŋlɔ nu tso nusi wòakpɔ ŋu. Etia Yehowa Ðasefowo, eye wòɖo tanya na eƒe nuŋɔŋlɔa be, “Esi Meɖi Tsa Yi Fiaɖuƒe Akpata Me.” Nukae Laura kpɔ be eto vovo le Yehowa Ðasefowo gbɔ? Nu gbogbo siwo wòyɔ la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.

Ðeviwo: “Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa nɔ xɔ ɖeka me. Le sɔlemeha siwo katã me meɖi tsa yi gome la, ɖeviwo gblẽ wo dzilawo ɖi heyi Kwasiɖagbe Suku.”

Ameƒomeviwo dome ɖekawɔwɔ: “Zi geɖe la, sɔlemehawo lɔ̃a wo me nɔlawo didi tso ameƒomevi aɖe alo gbe aɖe koŋ dolawo dome. . . . Gake Yehowa Ðasefowo katã nɔ anyi ɖekae eye womenɔ anyi ɖe hatsotso kluikluiwo me o.”

Amedzroxɔxɔ ƒe gbɔgbɔ: “Ame geɖe te ɖe ŋunye heƒo nu kplim. . . . Ame aɖewo gɔ̃ hã biam be ame aɖe le Biblia srɔ̃m kplim hã. Gake nyemese le ɖokuinye me be wonɔ dzinye zim o. Wogblẽe . . . ɖe asinye me be mawɔ nyametsotsoa.”

Womedzɔ ga le ame aɖeke si o: “Nu ɖeka si wɔ nuku nam koŋue nye ga si womedzɔ le ame aɖeke si o. . . . Sɔlemeha siwo gbɔ meɖi tsa de dzɔ ga le ɖeviwo ƒe klaseawo gɔ̃ hã me.”

Yehowa Ðasefowo ƒe hame 90,000 kloe ye le xexeame katã. Nukata màɖi tsa asrã esi te ɖe ŋuwò kpɔ o?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a  Míetrɔ ŋkɔa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe