Amegbetɔwo Lã Deŋgɔwo Koe Wonyea?
“Ðe nya sia nya si dzi míexɔ se tso agbedzɔtsoƒe ŋu nye nyateƒea?”
Nyɔnuvi ƒe 16 vi aɖe si tso Brazil lae bia nya sia le eƒe nuƒo tso nyati si nye “Amegbetɔwo—Lã Deŋgɔwo Koe Wonyea?” ŋu la nu ɖeɖe me. Esi eƒe nufiala xɔ June 22, 1998, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! si ƒo nu tso nyati ma ŋu la, nufiala la kpe sukuvi sia be wòava ƒo nu na klass la tso biabia sia ŋu.
Sɔhɛ Ðasefoa ƒo nu tso alesi nɔnɔmetɔtrɔnufiafia si wotu ɖe dzɔdzɔmeɖoɖo si wobe eléa amewo ƒe agbe ɖe te le afisi nɔnɔ ma wo eye wotiaa woa ŋutɔwo ƒe domenyiŋusẽ si nyo na wo dzi la le nu gblẽmee la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe bui be nɔnɔmetɔtrɔnufiafiaa na be ame aɖewo susunɛ be aʋawɔwɔ nye nusi le dzɔdzɔme nu be amesiame naʋli akpɔ nane anɔ agbe ɖe eŋu, eye wòwɔnɛ be Fasidziɖuɖu kple Nazidziɖuɖu xɔa anyinɔ.
Sukuvia ɖee fia be vovototo gã ŋutɔ aɖe le amegbetɔwo kple lãwo dome. Egblɔ be: “Amegbetɔwo koe ate ŋu atu gbɔgbɔmemenyenye ɖo. Amegbetɔwo koe dzea agbagba be yewoanya gɔmesese kple tameɖoɖo si le agbe ŋu. Amegbetɔwo koe wo nɔviwo ƒe ku ɖea fu na, woawo koe tsia dzi be yewoanya yewo tsoƒe, eye woawo ko mee didi le be yewoanɔ agbe tegbee. Aleke wòle vevie enye esi be míadi ɣeyiɣi aku nu me ayi ŋgɔ tso afisi míedzɔ tso ŋu!”
Nufiala la kafui ɖe nuƒo nyui si wòƒo la ta. Egblɔ be esi Ðasefo ƒewuivi sia lɔ̃a nuxexlẽ tae wòte ŋu ƒo nu nenema. Wonya nyɔnuvia le sukua me be enye amesi lɔ̃a Nyɔ! kple Gbetakpɔxɔ, siwo nye agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi la xexlẽ ŋutɔ.
Yehowa Ðasefowo tsi dzi vevie ɖe ŋusẽ si kpɔm nɔnɔmetɔtrɔnufiafiaa le ɖe sɔhɛwo ƒe dzi kple susu dzi la ŋu. Le susu sia ta la, hame si me ɖetugbivi sia le de dzi ƒo na sɔhɛ Ðasefowo be woana June 22, 1998, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! magazine sia ƒe ɖe woƒe nufialawo kple sukuhatiwo. Woma magazine si ade 230 le suku vovovowo me le du ma me. Dzɔdzɔmeŋutinunyafiaƒe si le suku aɖe me ƒe tatɔ dɔ Nyɔ! magazine la.
Vavãe, menye nya sia nya si wogblɔ tso agbedzɔtsoƒe ŋue wòle be míaxɔ ase o! Sɔhɛ sia kple exɔlɔ̃wo ɖee fia be Wɔla la dzixɔxɔse na be yewoƒe agbenɔnɔ to vovo ŋutɔŋutɔ.