INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 3/15 axa 32
  • Nusi Na New York City Nɔnɔ Dzronɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Na New York City Nɔnɔ Dzronɛ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 3/15 axa 32

Nusi Na New York City Nɔnɔ Dzronɛ

WOŊLƆ nusi le etame la ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽtaƒe si le Brooklyn, New York, ƒe xɔawo dometɔ ɖeka ŋu wòdze nyuie tso ƒe 1950-awo me ke. Eɖoa ŋku edzi na mɔzɔla siwo toa afima yina gagbɔna, modzakaɖetsaɖilawo, kple amesiwo toa afima be woaxlẽ Biblia gbesiagbe. Lɛta si gbɔna, si tso Ðasefo nyɔnuvi aɖe gbɔ la ɖe ŋkuɖodzinya sia ƒe dɔwɔwɔ fia.

“Menɔ dze ɖom na nye sukuxɔmehati aɖe tso nusi medi be mawɔ ne medo le suku kɔkɔ ŋu. Esi mete nuƒoƒo tso Betel, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe ƒe ta ŋu la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egblɔ nam be New York City ye yenɔ tso ɖevime. Eƒe ƒometɔwo metsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me boo o, gake ŋdi sia ŋdi si wòakpɔ nu to fesre to la, ekpɔa nuŋɔŋlɔ si xlẽ be ‘Xlẽ Mawu ƒe Nya Biblia Kɔkɔe la Gbesiagbe.’ Eyata exlẽa eƒe Biblia hafi dzona yia suku gbesiagbe.

“Esi wòʋu le dugãa me megbe la, egblɔ be nusi na New York City nɔnɔ dzroa ye enye be ne yefɔ la, yemegakpɔa ŋkuɖodzinya si na yexlẽa yeƒe Biblia o. Gake le nuŋɔŋlɔ si le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe xɔa ŋu ta la, Biblia xexlẽ va zu numame na ye, eye yele Biblia xexlẽ dzi gbesiagbe!”

Mɔ bubu kae gali woato edzi adze ŋkekea gɔme wòanyo wu Mawu ƒe Nya ƒe akpa aɖe xexlẽ! Le esia wɔwɔ me la, ɖikeke mele eme o be àva se nya siwo apostolo Paulo gblɔ gɔme, esi wògblɔ be, ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo ate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.’—Timoteo II, 3:15-17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe