INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 4/1 axa 32
  • Wɔna Tɔxɛ aɖe Wɔƒe Àvaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔna Tɔxɛ aɖe Wɔƒe Àvaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 4/1 axa 32

Wɔna Tɔxɛ aɖe Wɔƒe Àvaa?

LE ŊKEKE ɖedzesi aɖe dzi ƒe 3,500 kple edzivɔ enye si va yi la, Yehowa Mawu na Israel-vi siwo nye kluviwo le Egipte ɣemaɣi la ƒe ƒome ɖesiaɖe wu alẽvi alo gbɔ̃ eye wotsɔ ʋua sisi ɖe woƒe aƒewo ƒe ʋɔtruwo ŋu kple ʋɔtruwo tame. Le zã ma ke me la, Mawu ƒe dɔla va to aƒe siwo ŋu dzesi ma le la ŋu yi gake ewu ŋgɔgbevi siwo le Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me. Emegbe woɖe asi le Israel-viawo ŋu wodzo. Ne nudzɔdzɔ ma ƒe azã ɖo la, Yudatɔwo ɖua Ŋutitotoŋkekenyui la.

Esi Yesu Kristo wu Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛa ɖuɖu kple eƒe apostolowo nu vɔ megbe teti la, eɖo nuɖuɖu aɖe anyi si woatsɔ aɖo ŋku eƒe vɔsakua dzii. Etsɔ abolo maʋãmaʋã de asi na eƒe apostolowo hegblɔ be: “Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!” Emegbe etsɔ kplu si me wein le na wo hegblɔ bena: “Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.” Yesu gblɔ hã be: “Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Mateo 26:26-28; Luka 22:19, 20) Eyata Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖu yeƒe kuzã sia.

Le ƒe sia me la, Yesu ƒe kuzãa dze Kuɖa, April 19, dzi le ɣeɖoto megbe. Yehowa Ðasefowo le xexeame katã aƒo ƒu le fiẽ tɔxɛ sia aɖu Ŋkuɖodzizã sia le mɔ si nu Yesu be woawɔe le nu. Míetsɔ vividoɖeameŋu le kpewòm be nàwɔ ɖeka kpli mí akpɔ eteƒe. Taflatse bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ne woagblɔ game si tututu woawɔ kpekpea kple teƒe si woawɔe le na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe