“Maƒo Xlã Wò Vɔsamlekpui, Yehowa”
“MEKLƆ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa.” (Psalmo 26:6) Blema Fia Dawid gblɔ nya siawo tsɔ ɖe alesi wòtsɔ eɖokui na Yehowae fia. Gake nukatae ‘wòaƒo xlã’ Yehowa ƒe vɔsamlekpuia ɖo, eye le susu ka nu?
Le Dawid gome la, afisi wònya be wodea ta agu na Yehowa le ye nye avɔgbadɔ si me vɔsamlekpui si ŋu wofa akɔbli ɖo, si nɔ Gibeon, le Yerusalem ƒe dziehe, esime wònɔ dzi ɖum. (Fiawo I, 3:4) Vɔsamlekpuia ƒe lolome katã anɔ meta 2.2 pɛ ko togodo, eye enɔ sue ŋutɔ wu vɔsamlekpui gã si woava tu ɖe Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu.a Ke hã Dawid kpɔ dzidzɔ gã ɖe avɔgbadɔa kple vɔsamlekpui si nɔ eme, si nye tadeaguƒe le Israel la ŋu.—Psalmo 26:8.
Wosaa numevɔwo, akpedavɔwo, kple fɔɖivɔwo le vɔsamlekpuia dzi, eye wosaa ƒe sia ƒe Avuléŋkekea dzi vɔsa siwo wosana ɖe dukɔa ta hã le edzi. Gɔmesese le vɔsamlekpuia kple vɔsa siwo wosana le edzi ŋu na Kristotɔwo egbea. Apostolo Paulo ɖe eme be vɔsamlekpuia tsi tre ɖi na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si dzi Wòto xɔ vɔsa si sɔ be ameƒomea nakpɔ ɖeɖe. Paulo gblɔ be: “Lɔlɔ̃nu sia me wokɔ mía ŋu le zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu to Yesu Kristo ƒe ŋutilãtsɔtsɔna me.”—Hebritɔwo 10:5-10.
Hafi nunɔlawo nasubɔ le vɔsamlekpuia ŋu la, woklɔa asi kple tsi be woakɔ wo ɖokui ŋu le kɔnu nu. Ekema esɔ be Fia Dawid ‘klɔ asi ɖe fɔmaɖi me’ hafi ‘zɔ ƒo xlã vɔsamlekpuia.’ Ewɔ nu ‘le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me.’ (Fiawo I, 9:4) Ne ɖe meklɔ asi alea o la, anye ne eƒe tadedeagu—eƒe ‘xlãƒoƒo vɔsamlekpuia’—madze Yehowa ŋu o. Le nyateƒe me la, Dawid menye Lewitɔ o eye mekpɔ mɔ awɔ nunɔlawo ƒe dɔ le vɔsamlekpuia ŋu o. Togbɔ be enye fia hã la, womeɖea mɔ nɛ be wòayi avɔgbadɔa ƒe xɔxɔnu gɔ̃ hã o. Ke hã esi wònye Israel-vi wɔnuteƒe ta la, ewɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi eye wòtsɔa eƒe vɔsawo vana be woasa vɔe le vɔsamlekpuia dzi. Ezɔ ƒo xlã vɔsamlekpuia le susua nu be etu eƒe agbenɔnɔ ɖe tadedeagu dzadzɛ dzi.
Ðe míate ŋu asrɔ̃ Dawid ƒe kpɔɖeŋua egbea? Ẽ. Míawo hã míate ŋu aklɔ míaƒe asiwo le fɔmaɖi me ahaƒo xlã Mawu ƒe vɔsamlekpuia ne míenɔ agbe ɖe Yesu ƒe vɔsa dzi xɔxɔ se nu eye míetsɔ ‘asi siwo me dza kple dzimekɔkɔ’ subɔ Yehowa tso dzi blibo me.—Psalmo 24:4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Vɔsamlekpui ma ƒe lolome anɔ meta asieke togodo.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Vɔsamlekpuia tsi tre ɖi na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si dzi wòtona xɔa vɔsa si sɔ na ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ