Dzilawo Tsi Tre Ðe Nufiala aɖe ƒe Nazãbubu Ŋu
Nufiala aɖe si le nu fiam le gɔmedzesuku aɖe me le Cassano Murge, Italy, tsɔ agbalẽvi kakɛ aɖewo na eƒe sukuvi aɖewo be woatsɔ yi aƒemee. Woŋlɔ ɖe agbalẽvi kakɛ siawo siwo wòbe woaklã ɖe woƒe ʋɔtruwo nu dzi be: “Katolikotɔwo Míenye. Womeɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woaƒo ʋɔ sia o.”
Togbɔ be sukuviawo dometɔ aɖewo dzilawo menye Yehowa Ðasefowo o hã la, womelɔ̃ ɖe nufiala sia ƒe nuwɔnaa dzi kura o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Muoviti Muoviti gblɔ be dzilawo na nutsotso be ‘gbedasi sia ƒomeviwo tsɔtsɔ na ɖeviwo nana be wotsria amesiame si ƒe nukpɔsusu to vovo na wo tɔ alo wòana be woatsri ame aɖe le esi eƒe subɔsubɔha “to vovo” na wo tɔ ta ko.’” Dzila aɖe si ŋlɔ nu ɖo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa yɔ agbalẽvi kakɛa be enye “tɔmegbe ƒe nukuwo, numanyamanya kple bometsitsi me tsonu.”
Abe alesi nyatakaka sia ɖee fia ene la, ame geɖe siwo mebua nazã o, nya afɔku siwo le nazãbubu ƒe nukuwo ƒaƒã me. Wodea bubu Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le Italy kple le xexe blibo la katã me ŋu. Nukatae màbia Yehowa Ðasefowo woagblɔ woƒe ‘susu le mɔkpɔkpɔ si le wo si ŋu na wò oa’? Adzɔ dzi na wo be yewoaɖo dze kpli wò tso esia ŋu le ‘bubu deto’ me.—Petro I, 3:15.