Nuteƒewɔwɔ Na Yehowa Ɣesiaɣi
TOGBƆ be nuteƒewɔwɔ mebɔ kura egbea o hã la, enye nɔnɔme si dzena le Yehowa, Mawu vavã la ƒe subɔlawo ŋu. Nuteƒewɔla nɔa te sesĩe maʋãmaʋãe le dodokpɔ me ne enu meva yi kaba o hã. De ŋugble le Fia nyui Xizkiya ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Etɔgbe aɖeke menɔ Yuda-fia, siwo katã dze eyome alo do ŋgɔ nɛ la dome o.” Nukae na Xizkiya to vovo? “Eku ɖe Yehowa ŋu,” togbɔ be alakpa mawu, Molex subɔlawo ƒo xlãe hã. Ẽ, Xizkiya ‘mete ɖa le Yehowa ŋu o, ke boŋ elé eƒe sewo me ɖe asi.’—Fiawo II, 18:1-6.
Ame bubu si lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowae nye apostolo Paulo. Paulo ƒe subɔsubɔdɔ ŋuti nuŋlɔɖi si dze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me ɖo kpe alesi medzudzɔ subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu tso dzi blibo me gbeɖe o la dzi. Esi Paulo ƒe anyigba dzi gbenɔnɔ yina nuwuwu la, ete ŋu gblɔ le eɖokui ŋu be: “Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.”—Timoteo II, 4:7.
Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Xizkiya kple Paulo ɖo ɖi na mí! Neva eme be míasrɔ̃ woƒe xɔse ahalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na mía Mawu Gã, Yehowa.—Hebritɔwo 13:7.