INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 6/15 axa 32
  • Amekae Atsi Ŋutasesẽ Nu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Atsi Ŋutasesẽ Nu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 6/15 axa 32

Amekae Atsi Ŋutasesẽ Nu?

LE September 1999 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan do dzaa na Sewɔtakpekpea ƒe ƒe sia ƒe takpekpe 54 lia valawo. Abe alesi woka nya ta tso eŋui le The Toronto Star me ene la, eda nya aɖe ɖe xexeame dziɖulawo ŋkume gblɔ be: “Ame gbogbo aɖewo li siwo hiã nu geɖe tso dukɔwo gbɔ wu babadonamenyawo ɖeɖeko. Wohiã afɔɖeɖe like ŋutɔŋutɔ aɖe si atsi ŋutasesẽ kple emetsonu siwo wodoa goe atraɖii la nu, eye wòada wo ɖe nudzedziname ƒe mɔ dzi dedie.”

Ðe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa kple dukɔ siwo le eme ate ŋu awɔ “afɔɖeɖe like ŋutɔŋutɔ” ma si hiã be woatsɔ atsi ŋutasesẽ nuia? Woyɔ United States Dukplɔla Bill Clinton hã ƒe nya ɖe Star nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe nyatakaka ma ke me be egblɔ be: “Le ʋu siwo katã wokɔ ɖi le ƒe alafa sia me megbe la, míenya be míate ŋu agblɔe bɔbɔe be ‘negadzɔ ake o,’ gake ewɔwɔ ya nye nu sesẽ ŋutɔŋutɔ.” Egblɔ kpee be: “Ŋugbedodo kpaŋkpaŋ ate ŋu anye anyrawɔwɔ abe ɖekematsɔleameme boo ene.”

Ƒe 2,500 kple edzivɔe nye sia la, nyagblɔɖila Yeremya gblɔ le amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo ŋu be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ekema mɔkpɔkpɔ kae li be ŋutasesẽ nu ava yi?

Ne míexlẽ Yesaya 60:18 la, míakpɔe be Mawu na kakaɖedzi be: “Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o.” Nyagblɔɖi ma va eme zi gbãtɔ esi Mawu kplɔ eƒe dukɔ si nɔ aboyome va wo denyigba dzii ake. Emevava gãtɔ li si me míate ŋu ase vivi le. Yehowa Mawu mele ‘ŋugbe dom kpaŋkpaŋ’ o. Esi wònye Dziƒoʋĩtɔ kple ameƒomea Wɔla ta la, eyae nye amesi su te wu atsi ‘ŋutasesẽ kple emetsonuwo’ nu. Ŋutifafa axɔ aƒe ɖi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. Ŋutasesẽ nu ayi tegbetegbe!—Daniel 2:44.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe